Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyataƒonya

Nyataƒonya

Ðe nèɖo ŋku dzidzɔ siwo nèkpɔna tsã esi nènɔ Yehowa subɔm kple eƒe amewo la dometɔ aɖe dzi kpɔa? Ate ŋu anye hamea ƒe kpekpe dedziƒoname aɖe si nède, takpekpe ʋãme aɖe si nède, nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe si su asiwò le gbeadzi, alo kura gɔ̃ hã, dze tuameɖo aɖe si mia kple haxɔsetɔ aɖe mieɖo. Ŋkuɖoɖo nu siawo dzi fia be Yehowa subɔsubɔ gale dzi me na wò kokoko eye Yehowa hã meŋlɔ wò be o. Eɖoa ŋku ale si nèsubɔe nuteƒewɔwɔtɔe va yi la dzi vevie. Edi vevie be yeakpe ɖe ŋuwò nàgatrɔ agbɔ.

Yehowa gblɔ be: “Nye ŋutɔ madi nye alẽwo, eye malé be na wo. Malé be na nye alẽwo abe ale si lãkplɔvi léa be na eƒe alẽ siwo ka hlẽ siwo ŋu wòke ɖo la ene. Makplɔ wo tso teƒe siwo katã woka hlẽ ɖo.”—Ezekiel 34:11, 12.