Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 107

Lɔlɔ̃ Ƒe Kpɔɖeŋu Si Mawu Ðo

Lɔlɔ̃ Ƒe Kpɔɖeŋu Si Mawu Ðo

(1 Yohanes 4:19)

  1. 1. Yehowa Mawu ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi

    Si míasrɔ̃, si míasrɔ̃.

    Lɔlɔ̃ kpɔɖeŋu, bene wòafia mɔ mí

    Nu sia nu me, nu sia nu me.

    Via lɔlɔ̃a Yesu wòtsɔ na ɖe mía ta

    Be wòatsɔ nu vɔ̃, vodadawo ake.

    Lɔlɔ̃ɖeɖefia gã ka gbegbee nye ’si!

    Mawu ƒe mɔ’o katã nye lɔlɔ̃.

  2. 2. Ne míezɔ mɔ sia, míalɔ̃ mía nɔviwo

    Tso dzi me, tso dzi me.

    Ame yeyewo kple xoxoawo katã

    Míalɔ̃ vevie, míalɔ̃ vevie.

    Mía nɔvi lɔlɔ̃ fia be míelɔ̃ Mawu.

    Ne lɔlɔ̃ vavã xɔ míaƒe dzi me la,

    Ana míatsɔ vodada suewo ake.

    Afia lɔlɔ̃, nɔviwo lɔlɔ̃.

  3. 3. Lɔlɔ̃mɔ sia naa ŋutifafa nɔa ’nyi

    Ɣesiaɣi, ɣesiaɣi.

    Yehowa Mawu le mí katã kpem be

    Míawɔ ɖeka, míawɔ ɖeka.

    Lɔlɔ̃ vavã naa míekpɔa dzidzɔ vavã,

    Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔ mí ɣesiaɣi,

    Mía nɔviwo doa ŋusẽ mí míedoa dzi.

    ’Yae nye lɔlɔ̃, lɔlɔ̃ vavãtɔ.