Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 47

Do Gbe Ða Na Yehowa Gbe Sia Gbe

Do Gbe Ða Na Yehowa Gbe Sia Gbe

(1 Tesalonikatɔwo 5:17)

  1. 1. Do gbe ɖa na Yehowa gbe sia gbe.

    Míekpɔa dzidzɔ be míetsɔ eƒe ŋkɔ.

    Míeƒoa nu nɛ faa vɔvɔ̃manɔmee,

    Mía fofo wònye míaɖo ŋu ɖe ’ŋu.

    Do gbe ɖa na Yehowa.

  2. 2. Do gbe ɖa na Yehowa, da ’kpe nɛ.

    Bia tsɔtsɔke ’ye wò hã nàtsɔ ke.

    Ʋu wò nu vɔ̃ me na mía Mawu la;

    Eɖoa ŋku ’dzi be kewɔ ko míenye.

    Do gbe ɖa na Yehowa.

  3. 3. Do gbe ɖa na Yehowa xaxa’o me.

    Mía Fofo si tsɔ ɖe mía gbɔ wònye.

    Míadi eƒe takpɔkpɔ ɣesiaɣi;

    Míate ɖe eŋu kple kakaɖedzi.

    Do gbe ɖa na Yehowa.