Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 68

Fiaɖuƒea Ƒe Nukuwo Wuwu

Fiaɖuƒea Ƒe Nukuwo Wuwu

(Mateo 13:4-8)

  1. 1. Oo, mi Kristo yomedzelawo;

    Miva wɔ dɔ nɛ kple dzidzɔ.

    Aƒetɔ la ado ŋusẽ wò

    Nàwɔ dɔ nɛ kple dzi blibo.

    Fiaɖuƒenuku la atse ku nyuie

    Ðe dzinyuitɔwo ƒe dzi me.

    ’Ya ta do vevie nu le dɔ nyui sia me,

    Be nàwɔe nuteƒewɔwɔtɔe.

  2. 2. Zi geɖe wò dzidzedzekpɔkpɔ.

    Atso wò’agbagbadzedze gbɔ.

    ’Ya ta kpe ɖe wò nusrɔ̃vi’o ŋu

    Woalɔ̃ nyateƒe si wosrɔ̃.

    De dzi ƒo na wo woali ke sesĩe,

    Woado dzi, anɔ te sesĩe.

    ’Kema mia kpli wo ƒe dzidzɔ agba go

    Ne wova ɖo tsitsinyenye gbɔ.

(Kpɔ Mat. 13:19-23; 22:37 hã.)