Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Etim!”

“Etim!”

“Etim!”

Xɔa ƒe gli tre azã. Edze ƒãa be womele be lém nɛ o ƒe geɖee nye esia. Tsi gãwo dza, eye ya ƒo va lɔe. Togbɔ be memu o hã la, nu gblẽ le eŋu vevie. Fifia ɖeko wòle keɖekeɖe; ate ŋu amu ɣesiaɣi.

ALEA tɔgbie srɔ̃ɖeɖe geɖe le egbea. Ðe nèbuna be nu le miaƒe srɔ̃ɖeɖea hã ŋu temaa? Ne nenemae la, ekema nyae be menye mia kple srɔ̃wò koe le kuxi siawo me tom o. Biblia gblɔe kɔtɛ be srɔ̃tɔwo “akpɔ xaxa.”—1 Korintotɔwo 7:28.

Numekula aɖewo lɔ̃ ɖe edzi be alea tututue wòle, esi wogblɔ tso srɔ̃ɖeɖe ŋu be enye “nu si me ame akpa gãtɔ le ta ƒom ɖo egbea, gake wòhenye nu si me afɔku le wu hã.” Wogblɔ kpee be: “Togbɔ be edzena abe nu si me dzidzɔ gã aɖe le, eye wòahe nu nyuiwo avae na ame ene le gɔmedzedzea me hã la, ate ŋu ava zu taɖui kple kpeseku le ame ŋu le eƒe agbe me katã.”

Aleke wò ya tɔwò le? Ðe kuxi siwo gbɔna la dometɔ aɖe le mia ŋua?

● Etsɔ hã, nya, nyitsɔ hã, nya.

● Dziveenyawo

● Srɔ̃wò wɔ ahasi

● Nyaléleɖedɔme

Ne miaƒe srɔ̃ɖeɖea le keɖekeɖe, eye wòdze abe wɔna aɖeke megale eŋu o ene ɖe, nu kae wòle be nàwɔ? Mia nɔewo gbegbee akpɔ kuxia gbɔa?—g10-E 02.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 17]

“SRƆ̃GBEGBE VA ZU NU SI BƆ ŊUTƆ LE AMERIKA”

Srɔ̃tɔ siwo le wo nɔewo gbem la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ le dukɔ aɖewo me. Bu Amerika ŋu kpɔ. Tsã la, srɔ̃tɔwo megbea wo nɔewo kabakaba le dukɔ sia me o. Barbara Dafoe Whitehead gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe me be, tso ƒe 1960 megbe la, “srɔ̃tɔ geɖe va le wo nɔewo gbem wòwɔ nuku.” Egblɔ kpee be: “Kaka ƒe 10 nava yi la, srɔ̃tɔ siwo gbe wo nɔewo la ƒe xexlẽme va dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve, eye wòdzi ɖe edzi va se ɖe ƒe 1980-awo ƒe gɔmedzedze, esime wòtɔ vie; gake ɣemaɣi hã la, dukɔ ma mee srɔ̃gbegbe bɔ ɖo wu ne wotsɔe sɔ kple dukɔ deŋgɔ bubuwo. Ale si srɔ̃gbegbe va dzi ɖe edzi nukutɔe alea la wɔe be le ƒe 30 pɛ ko me la, srɔ̃gbegbe va zu nu si bɔ ŋutɔ le Amerika.”—The Divorce Culture.