Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Detsyɔevi Ƒe Nukpɔkpɔ Flukpee

Detsyɔevi Ƒe Nukpɔkpɔ Flukpee

NUKPƆKPƆ ƒe ŋutete tɔxɛ aɖe le yiyi si woyɔna be detsyɔevi si, eye wòzãnɛ tsɔ nyaa afi si tututu wòati kpo ava dze. Aleke yiyi sia tea ŋu wɔa esiae?

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Detsyɔevi zãa eƒe ŋku gã eveawo ƒe ŋutete tɔxɛ aɖe tsɔ nyaa dometsotso si le eya kple nu si kpɔm wòle la dome. Lãyi si le eƒe ŋku gã eveawo megbe la le agbaka geɖe me. Agbaka ɖeka xɔa amadede si nye gbemu eye wòkpɔa nu nyuie, eye agbaka bubu ya kpɔa nu flukpee. Ne nua le dzedzem flukpee ŋutɔ la, ke efia be nua mele adzɔge boo o. Esiae nana yiyi sia nyana dometsotso si tututu le eya kple eƒe nuléle si kpɔm wòle la dome eye wòdzona dzea edzi.

Numekulawo le agbagba dzem be yewoasrɔ̃ nu tso eƒe ŋku ƒe ŋutete sia ŋu ale be yewoazãe atsɔ awɔ fotoɖemɔ̃ kple robot deŋgɔwo. Internet dzi nyadzɔdzɔdɔwɔƒe aɖe gblɔ be, detsyɔevi ƒe nukpɔkpɔ “nye ale si lã nyaŋui siwo ƒe didime nye sentimeta afã pɛ ko eye woƒe ahɔhɔ̃ melolo de tagbatsu tɔ nu o la ƒe ŋkuwo tea ŋu xɔa nyatakakawo le mɔ ɖe dzesi aɖe nu hewɔa nu ɖe enu la ƒe kpɔɖeŋu wɔnuku aɖe.”—ScienceNOW.

Nu kae nèsusu? Nɔnɔmetɔtrɔ dzie detsyɔevi ƒe nukpɔkpɔ flukpee ƒe ŋutete tɔxɛ sia to va dzɔa? Alo Wɔla lae wɔea?