Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Ale Si Nàwɔ Atsɔ Ake

Ale Si Nàwɔ Atsɔ Ake

KUXIA

Zi geɖe ne wò kple srɔ̃wo mieʋli nya la, miehea nya xoxo gbogbo siwo gbɔ wòle be miakpɔ va yi la ɖe go. Nu kae nye kuxia? Ate ŋu anye be mia dometɔ ɖeka alo mi ame evea siaa mienya ale si miatsɔ ake o.

Miate ŋu asrɔ̃ ale si miatsɔ ake. Gake gbã la, mina míakpɔ nu si tae wòsesẽna na srɔ̃tɔwo be woatsɔ ake wo nɔewo la ɖa.

NU SI GBƆ WÒTSONA

Ŋusẽ. Srɔ̃tɔ aɖewo gbea asiɖeɖe le nya ŋu be yewoatsɔ akpɔ ŋusẽ ɖe yewo srɔ̃wo dzi. Eye ne masɔmasɔ aɖe ɖo wo dome la, wohea nya xoxo mawo ɖe go be yewoƒe alɔ nade dzi le nyaʋiʋlia me.

Nyaléle ɖe dɔ me. Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe hafi ame naŋlɔ nu si wowɔ ɖe eŋu la be. Ame aɖe ate ŋu agblɔ na srɔ̃a be, ‘metsɔe ke wò’ gake nya ma gale dɔ me nɛ kokoko. Ðewohĩ anɔ mɔnukpɔkpɔ dim be yeawɔ wɔɖenui.

Mɔkpɔkpɔ si meva eme o. Ame aɖewo ɖea srɔ̃ henɔa mɔ kpɔm na vivisese sɔŋ, abe ale si wòdzena le ŋutinya kpakpawo me ene. Eya ta ne masɔmasɔwo ɖo wo dome la, womelɔ̃na trɔa susu o, eye wonɔa wo ɖokuiwo biam be aleke ame si yewobu be esɔ na yewo pɛpɛpɛ ƒe susuwo to vovo na yewo tɔ alea. Ne ame meda sɔ le nu siwo wòkpɔ mɔ na me o la, ate ŋu awɔe be wòanɔ vodada dim le srɔ̃a ŋu ahagbe tsɔtsɔke.

Nugɔmemasemase na ame nɔewo. Srɔ̃tɔ geɖewo gbea tsɔtsɔke elabe wosea tsɔtsɔke gɔme bubui. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ate ŋu abui be:

Ne metsɔe ke la, efia be mebu vodada la nu tsɛ.

Ne metsɔe ke la, ke efia be maŋlɔe be keŋkeŋ.

Ne metsɔe ke la, ɖeko wòagawɔ ŋlɔmi bubu ɖe ŋunye.

Le nyateƒe me la, tsɔtsɔke mefia nu mawo dometɔ aɖeke o. Ke hã ate ŋu asesẽ be woatsɔ ake, vevietɔ le srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a gome.

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Se nu si tsɔtsɔke fia la gɔme. Nu si nya “tsɔtsɔke” fiana le Biblia me ɣeaɖewoɣie nye be “woaɖe asi le nya ŋu.” Eya ta tsɔtsɔke mebiana ɣesiaɣi be nàŋlɔ nu si wowɔ ɖe ŋuwò la be alo be nàbui nu tsɛ o. Ɣeaɖewoɣi la, nu si ko wòfiae nye be nàɖe asi le nyaa ŋu le wò ŋutɔ kple srɔ̃wòa siaa ƒe nyonyo ta.

Bu afɔku siwo ate ŋu ado tso eme ne ègbe be yematsɔ ake o la ŋu. Numekula aɖewo gblɔ be dzikuléle ɖe dɔ me ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò vevie le ŋutilã me kple seselelãme gome siaa. Nu siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye blanuiléledɔ kple ʋusɔgbɔdɔ, kpakple ale si wòagblẽ miaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Esia tae Biblia gblɔe wòsɔ be: “Mizu ame siwo nyoa dɔme na wo nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie, eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem faa.”Efesotɔwo 4:32.

Bu viɖe siwo dona tso tsɔtsɔke me la ŋu. Ne ètsɔ kea srɔ̃wo la, ana be nàka ɖe edzi be menye susu vɔ̃ aɖeke tae wòwɔ nua ɖo o, eye malé eƒe vodadawo ɖi o. Esia ana be mianɔ mia nɔewo ƒe nyawo lém ɖi o, eye esia awɔe be wò kple srɔ̃wò miagalɔ̃ mia nɔewo ɖe edzi wu.Biblia ƒe gɔmeɖose: Kolosetɔwo 3:13.

Da sɔ. Ele bɔbɔe be nàtsɔe ake srɔ̃wò ne elɔ̃ ɖe edzi be mede blibo o. Agbalẽ aɖe gblɔ be ne wò susu katã le srɔ̃wòa ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu la, ele bɔbɔe ŋutɔ be nàŋlɔ nɔnɔme nyui siwo katã le esi la be. Agbalẽa bia be: “Nu kawo ŋue nàdi be yeƒe susu nanɔ fifia?” (Fighting for Your Marriage) Ðo ŋku edzi be, ame aɖeke mede blibo o, eye wò ŋutɔ hã mede blibo o.Biblia ƒe gɔmeɖose: Yakobo 3:2.

Se nu gɔme. Ne srɔ̃wò gagblɔ nya aɖe alo wɔ nane wòve wò la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wònye nya gã nenema gbegbea? Ðe wòhiã be mate tɔ ɖe edzi be wòaɖe kuku nama, alo ɖe mate ŋu aŋe aɖaba ƒu nya ma dzi ko nya nakpã?’Biblia ƒe gɔmeɖose: 1 Petro 4:8.

Ne ehiã la, miɖo dze tso nyaa ŋu. Gblɔ nu si ve wò le nyaa ŋu kple nu si ta wòve wò ɖo la nɛ tufafatɔe. Mègabu vɔ̃ ɖe srɔ̃wòa ŋu o, eye mègate tɔ ɖe wò nyawo dzi hã o, elabena ɖeko ema ana srɔ̃wòa nanɔ eɖokui nu ɖem. Ke boŋ gblɔ ale si eƒe nuwɔnaa te ɖe dziwòe la boŋ nɛ.