Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Wòle Be Nànya Tso Kpeŋuidɔ Ŋu

Nu Si Wòle Be Nànya Tso Kpeŋuidɔ Ŋu

WÒ AME nyanyɛ aɖe dze anyi hebu ɖe eɖokui. Ametia lia goŋgoŋ eye eƒe ta, asiwo kple afɔwo le ƒoƒom tititi. Ne ènya be kpeŋuidɔ, si wogayɔna be dzeanyigblo alo adzigbo le eŋu la, àte ŋu ana kpekpeɖeŋu si sɔ lae hafi anɔ mɔ kpɔm na dɔdalawo ƒe kpekpeɖeŋu. Na míakpɔ nyateƒenya siwo ku ɖe dɔléle sia si gɔme ame geɖewo mesena o la ŋu.

Nu kae nye kpeŋuidɔ? Kpeŋuidɔ nye ahɔhɔ̃medɔ si nana ame buna ɖe eɖokui hena ɣeyiɣi kpui aɖe. Zi geɖe ne edze ame dzi la, medea miniti atɔ̃ hafi amea gagbugbɔna ɖoa eɖokui me o. Nudzɔdzɔ si míeɖɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze lae woyɔna zi geɖe be dzeanyigblo, elabe enana amea dzea anyi.

Nu kae nana dɔ sia hona na ame? Numekulawo xɔe se be ahɔhɔ̃mekawo ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie gbɔe wòtsona. Gake nu si nana ahɔhɔ̃mekawo doa kpo dɔwɔwɔ nyuie gɔme sese zu taɖui na numekulawo.

Ne kpeŋuidɔ ho na ame aɖe la, kpekpeɖeŋu kae mate ŋu anae? Numekugbalẽ aɖe ɖo aɖaŋu be “ele be woaɖe asi le ame si ku kpeŋui la ŋu wòanɔ anyi ʋuu eƒe mo nakɔ, gake ahiã be woakpɔ egbɔ be ele gbɔgbɔm nyuie eye ŋku nanɔ eŋu be wòagawɔ nu vevi eɖokui o.” (The Encyclopedia of the Brain and Brain Disorders) Agbalẽ ma ke gblɔ yi edzi be: “Nenye be amea bu ɖe eɖokui wògbɔ miniti atɔ̃ ŋu, alo kasia eƒe mo nakɔ ko bubu gadze edzi alo megbugbɔ ɖo eɖokui me o miniti ʋɛ aɖewo esime wòdzudzɔ ƒoƒo tititi megbe la, ele be woadi dɔnɔkɔʋu ne wòakɔe ayi kɔdzi.”

Aleke mate ŋu akpe ɖe ame si ku kpeŋui la ŋu? Tsɔ nu bɔbɔe aɖe de eƒe ta te, eye nàɖe lãnuwo ɖa le eƒe ta gbɔ. Ne edzudzɔ ƒoƒo tititi la, trɔe ɖe eƒe axa dzi abe ale si wòdze le nɔnɔmetata si le axa sia me ene.

Nu kae mawɔ ne amea ƒe mo kɔ? Gbã la, gblɔ nɛ be megavɔ̃ o. Azɔ lée tsi tre eye nàkplɔe ayi afi si wòate ŋu aɖi ɖe eme le. Ame akpa gãtɔ tɔtɔna eye alɔ̃ tsɔa wo ne woɖo wo ɖokui me; gake ame aɖewo ya ƒe mo kɔna kaba eye wogatea ŋu yia nu si wɔm wole hafi ku kpeŋuia la wɔwɔ dzi.

Kpeŋuikulawo katãe ƒona tititia? Ao. Ame aɖewo buna ɖe wo ɖokui sẽe, gake womedzea anyi o. Kpeŋui sia ƒomevi menɔa anyi eteƒe didina o, ne kpeŋuia nu tso na amea ko la eƒe mo kɔna zi ɖeka. Gake kpeŋui sia ƒomevi kula aɖewo ƒe kpeŋuikukua nɔa anyi eteƒe didina, eye wòxɔa miniti geɖewo. Ne edzɔ alea la, amea nɔa tsatsam le eƒe xɔ me, nɔa awu hem le eɖokui ŋu, alo nɔa nu tramatrama wɔm. Ne eƒe mo kɔ la, esena le eɖokui me be yeƒe ta katã le wodzoe.

 Aleke agbea nɔna na ame si ŋu kpeŋuidɔ le? Enye nyateƒe be ame siwo ŋu kpeŋuidɔ le la tsia dzi vevie esi womenya ɣekaɣi dɔ sia agaho na yewo o ta. Esi womedi be yewoado ŋukpe yewo ɖokui o ta la, womelɔ̃na be yewoayi ame dome o.

Aleke mate ŋu akpe ɖe ame si ŋu kpeŋuidɔ le la ŋu? De dzi ƒo nɛ be wòaɖe eƒe seselelãmewo agblɔ na ye faa. Ðo to nyuie ne ele nu ƒom. Biae be ne dɔa ho nɛ la, kpekpeɖeŋu kae yeate ŋu anae mahã. Esi wònye ame siwo ŋu kpeŋuidɔ le dometɔ geɖe mekua ʋu o ta la, àte ŋu adoe ɖa be yeakɔe ɖe ʋu me ayi afi si wòadi be yeayi alo ayi aɖaƒle asi nɛ.

Ðe woate ŋu alé kpeŋuidɔ ƒe hoho na ame nu alo axe mɔ ɖe enu kura? Nɔnɔme aɖewo nana be kpeŋuidɔ tea ŋu hona na ame kabakaba, esiawo dometɔ aɖewoe nye nuteɖeamedzi kple alɔ̃madɔmadɔ. Dɔléle sia ŋuti nunyalawo dea dzi ƒo na ame siwo ŋu dɔ sia le la be woaɖi ɖe eme nyuie, eye woanɔ kame dem edziedzi ale be nu naganɔ tetem ɖe wo dzi boo o. Le go aɖewo me la, atike aɖewo zazã te ŋu xe mɔ ɖe dɔ sia ƒe hoho na ame nu kura.