Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Italy

Tsaɖiɖi Yi Italy

ITALY ƒe anyigba ƒe nɔnɔme kple yame ƒe nɔnɔme to vovo tso nuto yi nuto me. Eƒe ƒuta didi va se ɖe tonutowo me; eƒe anyiehe xɔa dzo gbãgbãgbã eye eƒe dziehe fana miamiamia. Dzotowo bɔ ɖe Italy, gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo, abe Stromboli kple Mount Etna, koe tea ŋu wóna.

Modzakaɖetsaɖilawo ɖoa aklo si woyɔna be gondola toa tsimɔ gbogbo siwo le Venice dzi

Italy nye Europa-dukɔ siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo wu la dometɔ ɖeka. Dukɔ bubu me tɔwo, abe Arabitɔwo, Byzantiumtɔwo, Helatɔwo, Normandytɔwo kple Foiniketɔwo, va to du sia me yi kpɔ.

Blemanuwo kple kpetata dzeaniwo bɔ ɖe dukɔ sia me. Blema Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe glikpowo alo xɔ dzeani siwo wotu le Ðɔɖɔɖoɣi kple Aɖaŋunuwo Ƒe Ɣeyiɣiwo me geɖe le Italy du geɖewo me. Woyɔa aɖaŋudɔwɔla xɔŋkɔwo abe Bernini, Michelangelo kple Raphael ene ƒe ŋkɔwo tɔna ɖe nutatawo, kpetatawo kple tsidzidzi wɔwɔewo ŋu.

Amewo doa vivi ɖe nuɖuɖu ŋu ŋutɔ, eye nuɖuɖu wɔa akpa vevi aɖe le woƒe dekɔnu geɖewo me. Pasta ye wotsɔ ɖoa kplɔ̃ gbã, eyome ʋulãwo, tɔmelãwo kple amagbewo kplɔnɛ ɖo. Wozãa amititsetse ƒe ami geɖe le nuɖaɖa me, elabena woɖaa ami gbogbo aɖe le dukɔa  me. Pizza kple risotto nye Italytɔwo ƒe nuɖuɖu siwo xɔ ŋkɔ ŋutɔ.

Italytɔwo doa vivi ɖe ame ŋu, wowɔa amedzro eye wolɔ̃a xɔlɔ̃wɔwɔ. Wolɔ̃a dzeɖoɖo hã, eya ta zi geɖe la amewo nɔa dze ɖom le ablɔwo dzi alo nɔa dze ɖom vevie le mɔwo dzi nɔa yiyim.

Pasta nye Italytɔwo ƒe nuɖuɖu vevi aɖe

Italytɔ akpa gãtɔ gblɔna be Katolikotɔwoe yewonye, gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe dea sɔleme edziedzi. Wogblɔ be sɔlemeha megakpɔa ŋusẽ boo ɖe amewo dzi le ƒe ʋɛ siwo va yi me o, elabe amewo megale wɔwɔm ɖe sɔlemeha ƒe nufiafia si li tso gbe aɖe gbe ke ku ɖe fuɖeɖe kple srɔ̃gbegbe ŋu la dzi o.

Yehowa Ðasefowo ya le dzidzedze geɖe kpɔm le Italy. Wonya wo nyuie be wofiaa Biblia amewo le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me eye wonɔa agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu. Yehowa Ðasefowo ƒe hame 3,000 kple edzivɔwoe le Italy, eye hame siawo dometɔ geɖe dzea agbagba ɖea gbeƒã na gbe bubu dola siwo menye Italytɔwo o. Le ƒe ewo siwo va yi nyitsɔ laa me la, dutagbedolawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi zi etɔ̃ sɔŋ le Italy, eya ta eva hiã vevie be woafia Biblia dutagbedolawo.

ÈNYAA?

Togbɔ be Roma-dua mee Vatican Dugã le hã la, enye du si le eɖokui si tso ƒe 1929 me eye Italytɔwo bunɛ be enye dukɔ bubu.

Dolomite-to glidzaglidzawo nye togbaka siwo le Italy ƒe dzieheɣedzeƒe