Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 ÐE WOWƆEA?

Kpakpaluʋui Ƒe Aʋala Si Xɔa Ɣe Ƒe Keklẽ

Kpakpaluʋui Ƒe Aʋala Si Xɔa Ɣe Ƒe Keklẽ

ESI dzɔdzɔmeŋutinunyalawo di vevie be yewoaɖe dzodonu tudzudzɔwo zazã dzi kpɔtɔ ta la, wole asi trɔm le mɔ̃ siwo wotsɔ xɔa ɣe ƒe keklẽ la ŋu be woadzi ŋusẽ sia xɔxɔ ɖe edzi wu. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe gblɔ be, “kuxi sia gbɔ kpɔnu anya nɔ . . . míaƒe ŋkume pɛe.”

Do wluiwluiwlui siwo le abe anyixe ene le kpakpaluʋui ƒe aʋalawo ŋu

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Be kpakpaluʋuiwo nalé dzodzo na wo ɖokuiwo le vuvɔŋɔli la, wokekea woƒe aʋalawo me ɖe ŋdɔgbe. Kpakpaluʋui ƒomevi aɖe ya tea ŋu xɔa ɣe ƒe keklẽ si nu sẽ helénɛ ɖi gɔ̃ hã. Nu si gbɔ wòtsona be nudzodzoevi sia tea ŋu wɔa nu siae nye ale si eƒe aʋala ŋuti le yibɔ kple ale si nane siwo le abe tsro wluiwluiwlui siwo ɖo ɖe wo nɔewo dzi ene hã le eŋu. Do wluiwluiwlui siwo le abe anyixe ene le wo ŋu eye nanewo le abe nuŋlɔdzesi V si wotsyɔ anyi siwo le wo nɔewo ŋu la nana ɣe ƒe keklẽa ɖoa do siawo me. Esia wɔnɛ be kpakpaluʋui tea ŋu xɔa ɣea ƒe keklẽ si nana eƒe aʋalawo nyɔna tsiɖitsiɖi henana dzoxɔxɔ si nu sẽ la ɖoa kpakpaluʋuia me.

Agbalẽ si nye Science Daily gblɔ be: “Wobua kpakpaluʋui ƒe aʋalawo be wonye dzɔdzɔmenuwɔwɔ siwo dome tea ŋu gblẽna bɔbɔe wu la dometɔ ɖeka, gake numekulawo srɔ̃ nu vevi aɖe tso kpakpaluʋui ƒe aʋala ƒe dɔwɔwɔa me si akpe ɖe wo ŋu woato mɔɖaŋunu yeye aɖe vɛ si ana woazã tsi kple ɣe ƒe keklẽ atsɔ adzi haidrodzin-ya, si wobuna be megblẽa nu boo tso nutoa me ŋu o la, ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi teƒe eve.” Nu bubu si woagate ŋu ato mɔnu sia dzi awɔe nye nukpɔmɔ̃wo kple elektrik-namɔ̃ siwo zãa ɣe ƒe keklẽ.

Nu kae nèsusu? Ðe kpakpaluʋui ƒe aʋala si xɔa ɣe ƒe keklẽ la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?