Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Ale Si Mialɔ̃ Ðe Nu Ðeka Dzi

Ale Si Mialɔ̃ Ðe Nu Ðeka Dzi

KUXIA

Wò kple srɔ̃wò ƒe susu mewɔ ɖeka le nane me o. Àte ŋu awɔ nu etɔ̃ ya teti le nɔnɔme sia me.

  1. Àte ŋu ate tɔ ɖe edzi be wòawɔ wò didi dzi.

  2. Àte ŋu alɔ̃ ɖe srɔ̃wòa ƒe didi dzi ɖewoɖewoe.

  3. Miate ŋu alɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi.

Ðewohĩ àgblɔ be ‘Nyemedi be malɔ̃ ɖe eƒe nya dzi le go sia me o. Ðeko wòdze abe mí ame evea siaa ƒe asi masu nu si dim míele la dzi o ene!’

De dzesii be nenye be miegblɔe se eme nyuie la, lɔlɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi magblẽ naneke le mia ŋu o. Gake hafi míaƒo nu tso ale si miawɔ alɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi ŋu la, nu ʋɛ aɖewo li wòle be mianya tso nɔnɔme vevi sia ŋu.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Lɔlɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi bia nuwɔwɔ aduadu. Do ŋgɔ na miaƒe srɔ̃ɖeɖe la, wò ɖeka koe tsoa nya me le nu siwo nàwɔ ŋu. Gake fifia, nɔnɔmea trɔ, ele be mi ame evea siaa miasrɔ̃ ale si miatsɔ ƒomea ƒe nyonyo aɖo ŋgɔ na miawo ŋutɔ miaƒe didiwo. Mègabu esia mɔxenui o, ke bu viɖe siwo le eme la ŋu boŋ. Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Alexandra gblɔ be: “Ame eve ƒe susu ate ŋu ana woake ɖe nyagbɔkpɔnu aɖe ŋu si anyo wu esi ŋu ame ɖeka ate ŋu ake ɖo.”

Lɔlɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi bia toléle ɖe ame nɔewo ŋu anukwaretɔe. Srɔ̃ɖeɖaŋuɖola John M. Gottman ŋlɔ bena: “Mehiã be nàlɔ̃ ɖe srɔ̃wò ƒe nyawo alo susuwo katã dzi kokoko o, gake ehiã be nàlé to ɖe eƒe nyawo ŋu anukwaretɔe ale be nàbu wo ŋu nyuie. Ne èblaa abɔ ɖe akɔta alo nɔa ta ʋuʋum tsɔ nɔa srɔ̃a ƒe nyawo gbem (eɖanye susu me ko nèwɔnɛ le gɔ̃ hã) esime srɔ̃wòa le nu ƒom tso kuxi aɖe ŋu na wò la, mimate ŋu akpɔ ta na miaƒe nyawo gbeɖe o.” *

Lɔlɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi bia ɖokuitsɔtsɔsavɔ. Srɔ̃tɔ aɖeke makpɔ dzidzɔ le srɔ̃a si buna be ye tɔ koe nyea nyuitɔa gbɔ o. Edea ame dzi wu ne srɔ̃tɔ evea siaa lɔ̃na faa ɖea asi le woƒe didi aɖewo ŋu. Srɔ̃nyɔnu si ŋkɔe nye June gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, melɔ̃na ɖe srɔ̃nye ƒe nya dzi be mado dzidzɔ nɛ, eye eya hã wɔna nam nenema ke ɣeaɖewoɣi. Nenemae wòle be srɔ̃ɖeɖe nanɔ, aɖe asi le nanewo ŋu axɔ ɖewo, ke menye be woanɔ nuwo xɔm ɣesiaɣi o.”

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Midze egɔme nyuie. Zi geɖe la, gbe ƒe ɖiɖime si wotsɔ dze dzeɖoɖo gɔme la kee wotsɔ wua enui. Ne miedze egɔme kple nya veamewo la, asesẽ ŋutɔ be mialɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi le ŋutifafa me. Eya ta wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Mido dɔmetɔtrɔ ƒe veveseɖeamenu, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa, kple dzigbɔgbɔ blewu.” (Kolosetɔwo 3:12) Nɔnɔme siawo akpe ɖe mia ŋu miaƒo asa na nyahehe ahakpɔ miaƒe kuxiwo gbɔ.—Biblia ƒe mɔfiame: Kolosetɔwo 4:6.

Mide dzesi nu siwo me miaƒe susu sɔ le. Ne mieʋlia nya ɣesiaɣi si wòahiã be mialɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi la, ate ŋu anye be mia dometɔ ɖeka tsɔa susu ɖoa nu siwo me miaƒe susu to vovo le la ŋu akpa. Eya ta mide dzesi nu siwo me miaƒe susu sɔ le. Aɖaŋuɖoɖo si gbɔna ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miade dzesi nu siwo me miaƒe susu sɔ le:

Mia dometɔ ɖe sia ɖe netsɔ agbalẽ eye wòamae ɖe akpa eve me. Le akpa gbãtɔa dzi la, ŋlɔ nyaa ƒe akpa si dzi wòsesẽ na wò be nàlɔ̃ ɖo. Le akpa evelia dzi la, ŋlɔ nu siwo dzi nèkpɔ be yeate ŋu alɔ̃ ɖo. Azɔ mi ame evea midzro nu siwo mieŋlɔ ɖi la me ɖekae. Miava de dzesii be nu ʋɛ aɖewo ko mee miaƒe susu mewɔ ɖeka le o. Nenye be ele alea la, lɔlɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi magasesẽ na mi fũu o. Nenye be miaƒe susu to vovo sãa gɔ̃ hã, nu mawo ŋɔŋlɔ ɖe agbalẽ dzi akpe ɖe mia ŋu miase nɔnɔmea gɔme wu.

Milé susuwo kpɔ ɖekae. Nya aɖewo gbɔ kpɔkpɔ nɔa bɔbɔe. Gake le nya siwo gbɔ kpɔkpɔ mele bɔbɔe o gome la, ele be atsu kple asia siaa nalé susuwo kpɔ ɖekae ale be woake ɖe nyagbɔkpɔnu si ate ŋu anyo wu esi ŋu ame ɖeka ate ŋu ake ɖo la ŋu.—Biblia ƒe mɔfiame: Nyagblɔla 4:9.

Lɔ̃ faa nàɖe asi le wò susuwo ŋu. Biblia gblɔ be: “Ŋutsu ɖe sia ɖe hã nelɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene; ke ele be srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.” (Efesotɔwo 5:33) Ne srɔ̃tɔawo lɔ̃a wo nɔewo hedea bubu wo nɔewo ŋu la, anɔ bɔbɔe na wo be woalɔ̃ faa abu wo nɔewo ƒe didiwo ŋu, eye woate ŋu atrɔ susu gɔ̃ hã faa. Srɔ̃ŋutsu si ŋkɔe nye Cameron gblɔ be: “Nanewo li si madi be yeawɔ o, gake le srɔ̃wò ta la, àva lɔ̃ ewɔwɔ.”—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Mose 2:18.

^ mm. 12 Woɖee tso The Seven Principles for Making Marriage Work me.