Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE BIBLIA SƆ NA MÍ EGBEA?

Ðe Biblia Sɔ Na Mí Egbea?—Ðokuidziɖuɖu

Ðe Biblia Sɔ Na Mí Egbea?—Ðokuidziɖuɖu

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Bometsila dudua eƒe dɔmedzoe katã kɔna ɖi; ke nunyala fa enu emegbe.”Lododowo 29:11.

“Ðeko wòle abe ɖe wofɔm ɖe tsitre tso ku me ene!”

VIÐEAWO: Ne wobe nàŋlɔ vi siwo gbegbe ɖokuidziɖuɖu ɖena ɖe agbalẽ me la, àhiã agbalẽ gbogbo aɖewo hafi ate ŋu aŋlɔ wo vɔ. Nɔnɔme sia kpɔa míaƒe lãmesẽ ta le mɔ aɖewo nu godoo. Biblia gblɔ be: “Dzi nyodɔme enye agbe le lã me.” Egagblɔ hã be: “Dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana.” (Lododowo 14:30; 17:22) Gake numekukuwo ɖee fia be ame siwo doa dziku kabakaba kple ame siwo léa dziku ɖe dɔme la tea ŋu dzia woƒe lãmesẽkuxiwo ɖe edzi, vevietɔ dzidɔ kple ʋukamedɔwo. Nyateƒee, vi siwo ɖokuidziɖuɖu ɖena la sɔ gbɔ sãsãsã wu lãmesẽmenɔnɔ ko.

Cassius, si xɔ ƒe 30 kple edzivɔ fifia la, gblɔ be: “Melɔ̃a dzrewɔwɔ ŋutɔ eye medoa dziku vevie. Ɣeaɖewoɣi la, medaa kɔ gɔ̃ hã. Eye mesena le ɖokuinye me be bubu boo mele ŋunye o. Gake nɔnɔme siawo katã trɔ esi meva te Biblia ƒe mɔfiamewo tsɔtsɔ wɔ dɔe. Mesrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu, ɖokuibɔbɔ kple tsɔtsɔke. Ne menye nenemae o la, anye ne mele gaxɔ me ɖaa. Le nyateƒe me la, ɖeko wòle abe ɖe wofɔm ɖe tsitre tso ku me ene!”

Cassius, srɔ̃ ɖokuidziɖuɖu kple tsɔtsɔke