Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

GBEBIABIA | NUFIALAGÃ GENE HWANG

Akɔntanyala Aɖe Ƒe Xɔse

Akɔntanyala Aɖe Ƒe Xɔse

Wodzi nufialagã Gene Hwang le ƒe 1950 me le Tainan, Taiwan, eye wònye nufialagã si fia akɔnta le yunivɛsiti aɖe le Taiwan kpɔ. Efia akɔnta kple ale si woawɔ numekuku tso nuwo ŋu le Amerika yunivɛsiti aɖe hã kpɔ. Hena ƒe geɖe la, eƒe agbalẽ siwo wòŋlɔ tso akɔntabubuwo ŋu la le esiwo amewo zãna wu la dome, eye egakpɔtɔ le akɔnta fiam. Esi wònye sɔhɛ la, exɔe se be nɔnɔmetɔtrɔ dzie agbe to va dzɔ. Gake eva trɔ susu emegbe. Nyɔ! talawo bia gbee tso eƒe dɔwo kple dzixɔsewo ŋu.

Nu kawoe wofia wò le ɖevime?

Wofiaa nu le suku si mede la be nɔnɔmetɔtrɔ dzie agbe to va dzɔ, gake ame aɖeke mete ŋu ɖe ale si agbea wɔ hafi dze egɔme me o. Esi dzinyelawo va zu Tao subɔsubɔha me tɔwo la, meva nɔ to ɖom woƒe subɔsubɔhakplɔlawo ƒe nufiafiawo eye mebiaa nya geɖe wo. Gake nye biabia ʋɛ aɖewo ŋu koe wote ŋu ɖo nam nyuie.

Aleke wòdzɔe be nèva zu akɔntanyala?

Esime menɔ gɔmedzesuku la, akɔntasɔsrɔ̃ doa dzidzɔ nam. Esi meyi yunivɛsiti la, meyi akɔntasɔsrɔ̃ kple ale si woawɔ numekuku tso nuwo ŋu si doa dzidzɔ nam la dzi. Le gonyeme la, akɔnta si wobu wòkpɔ kuxi aɖe gbɔ la doa dzidzɔ nam.

Aleke wòdzɔe be nèva tsɔ ɖe le Biblia me nyawo me?

Le ƒe 1978 me la, Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kple srɔ̃nye Jinghuei, eye ɣeaɖewoɣi la mekpɔa gome le nusɔsrɔ̃a me. Míenɔ Amerika ɣemaɣi. Srɔ̃nye Jinghuei wu yunivɛsiti nu eye wòzu dzɔdzɔmeŋusẽwo ŋuti nunyalagã eye nye hã menɔ akɔntabubu srɔ̃m le yunivɛsiti aɖe le Indiana, Amerika.

Aleke nèbua Bibliae?

Nya si Biblia gblɔ tso ale si wotrɔ asi le anyigbaa ŋu be agbe nanya nɔ le edzi la wɔ dɔ ɖe dzinye. Togbɔ be ŋkeke ade siwo Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔ be wotsɔ wɔ nuwoe dze nu bɔbɔe hã la, susu le eme eye mele abe ale si blemaxotutuwo gblɔe ene o. * Togbɔ be ele alea hã la, hena ƒe geɖe la, nyemexɔe se be Wɔla aɖee wɔ nuwo o.

Nu ka tae wòsesẽ be nàxɔe ase be Wɔla aɖee wɔ nuwo?

Ne mexɔe se be Wɔla aɖee wɔ nuwo katã la, efia be megbe nu le nu si wofiam tso ɖevime gbɔ

Ema bia be mawɔ nyametsotso sesẽ aɖe. Ne mexɔe se be Wɔla aɖee wɔ nuwo katã la, efia be megbe nu le nu si wofiam tso ɖevime gbɔ, elabena Tao subɔsubɔha si me menɔ fiaa nu be Mawu ɖeka si nye Wɔla si wɔ nuwo katã aɖeke meli o.

Gake èva trɔ susu emegbe. Nu kae gbɔe wòtso?

Zi ale si meyi edzi le ŋugble dem tso ale si agbe dze egɔmee ŋu la, zi nenemae meva ka ɖe edzi be nu gbagbe gbãtɔ anya wɔ nuku ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, enye nu sesẽ be nu gbagbe nadzi etɔgbi, eye hafi esia nadzɔ la ele be wòanɔ te ɖe nyatakaka siwo le eme siwo ŋu dɔ wòawɔ la dzi, eye ele be ɖoɖo aɖe hã nanɔ anyi si dzi wòazɔ ɖo adzi etɔgbia pɛpɛpɛ. Azɔ hã, nu gbagbevi suetɔ kekeake gɔ̃ hã hiã nu siwo awɔ dɔ le eme abe mɔ̃ ene hafi wòate ŋu awɔ lãmenugbagbevi yeye ƒe akpa vovovoawo, eye ele be ŋutete nanɔ eŋu be wòate ŋu afia mɔ dɔ siwo wòawɔ. Aleke lãmenugbagbevi ƒe dɔwɔwɔ si wɔ nuku alea la awɔ adzɔ le eɖokui si ne menye ame aɖekee wɔe o? Abe akɔntanyala ene la, mekpɔe be Wɔla aɖee wɔ nuwo. Elabena nu wɔnuku sia ƒe dɔwɔwɔ mate ŋu adzɔ le eɖokui si o.

Nu kae ʋã wò be nèva dzro Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo me nyuie?

Ɣeaɖewoɣi mesrɔ̃a nu kple Yehowa Ðasefoawo gadzudzɔna. Ke le ƒe 1995 me la, mezɔ mɔ yi Taiwan, eye le afi ma la, medze dɔ vevie. Srɔ̃nye si le Amerika la ƒo ka na Yehowa Ðasefo siwo le Taiwan be woakpe ɖe ŋunye. Hafi woava ke ɖe ŋunye la menɔ kɔ aɖe dzi gake esi dɔnɔwo yɔ abatiawo katã dzi ta la, womekpɔ teƒe nam o; nu te ŋunye ŋutɔ. Ðasefoawo dometɔ ɖeka kplɔm yi amedzrodzeƒe be maɖi ɖe eme. Sẽ kple sẽ ko eva kpɔm ɖa, emegbe ekplɔm yi kɔ bubu aɖe dzi be woakpɔ gbɔnye.

Ale si wokpe ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ, esia na mede ŋugble tso ale si Yehowa Ðasefowo nyo dɔme na nye ƒomea zi geɖe le mɔ vovovowo nu va yi la ŋu. Ðasefoawo ƒe xɔse na woto vovo. Eya ta mena wogadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wonyrɔm ɖe tsi me.

Ðe nu siwo ŋu nèkena ɖo le sukunusɔsrɔ̃a me la tsi tsitre ɖe wò xɔse yeyea ŋua?

Kura o! Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, mewɔ akɔntabubu aɖewo tsɔ kpe ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo srɔ̃a nu tso ale si DNA wɔa dɔe ŋu la ŋu. Ale si DNA wɔa nyatakaka siwo le eme la ŋu dɔe kpe ɖe mía ŋu míegava se nu geɖe gɔme tso agbe ŋu—gɔmesese sia na Wɔlaa ƒe nunya wɔa nuku nam.

Àte ŋu aƒo nu tso nunya ma ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu na mía?

Na míade ŋugble tso ale si nu gbagbewo dzinae ŋu kpɔ. Menye atsu kple nɔ ƒe gododo dzie nugbagbevi aɖewo abe amoeba ene tona hafi dzina o. Ne nugbagbevi sia di be yeadzi bubu la, ɖeko wòmana, eye wòwɔa nyatakaka siwo le eƒe DNA me la ƒe kɔpi ɖe esi dzim wòle la me. Gake le lãwo kple ati geɖe gome la, atsu kple nɔ ye doa go hafi wodzia bubu, eye esia wɔnɛ be nu si wodzina la nyia nɔnɔme aɖewo dome tsoa edzila eveawo gbɔ. Nu ka tae nu gbagbe siwo nye atsu kple nɔ ƒe gododo hafi adzi la wɔ nuku?

Nɔnɔmetɔtrɔ dzixɔselawo fiaa nu be nu gbagbe ƒe mama dzie nugbagbeviwo tona dzina hena ƒe gbogbo aɖe si ame aɖeke menya o, emegbe nu gbagbe siwo nye atsu kple nɔ ƒe gododo adzi bubu va dzɔ tso esia me, ɖe susu le numeɖeɖe sia mea? Elabena le atsu kple nɔ ƒe gododo hafi adzi ya gome la, ebia be atsu kple nɔ siwo le go dom la naɖo nyatakaka siwo le woƒe DNA me la ɖa sɔsɔe woava do go wo nɔewo azu nu ɖeka, eye ale si esia dzɔnae me ɖeɖe zua taɖui na dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo xɔ nɔnɔmetɔtrɔ dzi se. Le nye susu nu la, ɖikeke aɖeke mele eme o be ale si nu gbagbe siwo nye atsu kple nɔ doa go hafi dzina la nye Mawu ƒe nunya si wɔ nuku.

^ mm. 11 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Was Life Created? (La vie a-t-elle été créée ?) me. Yehowa Ðasefowoe tae. Akpɔe le Internet dzi le jw.org.