Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ALE SI MÍAWƆ AÐU FULÉLE DZI

1 | Mègakpɔ Ame Ŋkume O

1 | Mègakpɔ Ame Ŋkume O

Biblia Ƒe Nufiafia:

“Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, [ame sia ame] si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.”DƆWƆWƆWO 10:34, 35.

Nu Si Wòfia:

Menye dukɔ si me míetso, míaƒe dekɔnu alo ŋutigbalẽe Yehowa * Mawu kpɔna hafi wɔa nu ɖe mía ŋu o. Ke boŋ, ame si míenye le ememe ŋue wòléa ŋku ɖo. Le nyateƒe mea, “nu si le dzedzem koe amegbetɔ kpɔna, ke Yehowa ya kpɔa keke dzi me ke.”—1 Samuel 16:7.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ:

Togbɔ be mímate ŋu anya nu si le amewo ƒe dzi me o hãa, míate ŋu adze agbagba asrɔ̃ Mawu be míagakpɔ ame ŋkume o. Mèganɔ te ɖe ame ɖeka ƒe nuwɔna dzi aƒo nya ta be “nenema koe ame siawo le” o. Ne èkpɔ be dukɔ aɖe me tɔwo alo ame ƒomevi aɖewo ƒe nu medzɔa dzi na wò oa, do gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖu seselelãme ma dzi. (Psalmo 139:23, 24) Ne èdo gbe ɖa na Yehowa tso dzi me be wòakpe ɖe ŋuwò be màgakpɔ ame ŋkume oa, àte ŋu aka ɖe edzi be aɖo to wò eye wòakpe ɖe ŋuwò.—1 Petro 3:12.

^ mm. 6 Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.

“Nye kple yevu aɖeke míenɔ anyi ɖekae le ŋutifafa me kpɔ o . . . Fifia mele xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ vavãtɔ me.”​—TITUS