Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tawo Kple Kpukpuiwo—Ame Kawoe De Wo Biblia Me?

Tawo Kple Kpukpuiwo—Ame Kawoe De Wo Biblia Me?

TSƆE be ènye Kristotɔ le ƒe alafa gbãtɔ me. Ðeko miaƒe hamea xɔ agbalẽ aɖe tso apostolo Paulo gbɔ koe nye ema. Esi wole agbalẽa xlẽm la, ède dzesii be Paulo yɔ nya tso “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo,” siwo nye, Hebri Ŋɔŋlɔawo, me zi geɖe. (2 Timoteo 3:15) Ègblɔ na ɖokuiwò be, ‘Ne ɖe mate ŋu ake ɖe teƒe siwo wòyɔ nyawo tsoe ŋu la, adzɔ dzi nam ŋutɔ.’ Gake esia manɔ bɔbɔe kura o. Nu ka tae?

TAWO KPLE KPUKPUIWO MENƆ ŊƆŊLƆ KƆKƆEAWO ME TSÃ O

Wò ya bu ale si “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo nɔ anyi le Paulo ƒe ŋkekeawo me nɔ ŋu kpɔ. Eƒe ɖee nye esi le axa sia—enye Yesaya ƒe agbalẽ si hã nɔ Ƒukukua Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsawo dome la ƒe akpa aɖe. Nu ka kpɔm nèle? Nuŋɔŋlɔwo sɔŋ! Nuŋɔŋlɔ me dzesiwo mele wo me o. Eye tawo kple kpukpuiwo ƒe xexlẽdzesi siwo ŋu dɔ míewɔna egbea la ƒe ɖeke mele eme o.

Biblia-ŋlɔlawo mema woƒe nyawo ɖe tawo kple kpukpuiwo me o. Ðeko woŋlɔ gbedeasi si woxɔ tso Mawu gbɔ la katã ɖi bliboe ale be gbedeasi bliboa nasu nuxlẽlawo hã si, ke menye eƒe akpa sue aɖe ko o. Ðe menye alea kee nèdina be wòanɔ ne èxɔ lɛta vevi aɖe tso wò lɔlɔ̃tɔ aɖe gbɔ oa? Èxlẽa lɛta bliboa, ke menye eƒe akpa sue aɖe ko o.

Gake esi tawo alo kpukpuiwo menɔ ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo me o ta la, esia nye kuxi le mɔ aɖe nu. Ðeko Paulo zãa nyagbɔgblɔ siwo nye “abe ale si woŋlɔe ɖi ene” alo “abe ale si Yesaya gblɔe ɖi ene” tsɔ hea susu yia nya si yɔm wòle tso ŋɔŋlɔawo me dzi. (Romatɔwo 3:10; 9:29) Eye asesẽ ŋutɔ be nàke ɖe nya siwo wòyɔ tso ŋɔŋlɔawo me la ŋu, negbe ɖe nènya ‘ŋɔŋlɔ kɔkɔe’ blibo la nyuie.

Gakpe ɖe eŋu la, menye gbedeasi kpui ɖeka koe “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” nye tso Mawu gbɔ o. Kaka ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe nuwuwu naɖo la, agbalẽawo va de 66 sɔŋ! Esia tae wòdzɔa dzi na ame siwo xlẽa Biblia egbea be tawo kple kpukpuiwo le eme si kpena ɖe yewo ŋu yewokena ɖe nya si dim yewole ŋu, abe nya gbogbo siwo Paulo yɔ ɖe eƒe lɛtawo me la ene.

Ðewohĩ àbia be, ‘Ame kawoe tsɔ xexlẽdzesi siwo nye tawo kple kpukpui mawo de Biblia me?’

AME KAE TSƆ TAWO KPE ÐE EŊU?

Wogblɔ be Eŋlisitɔ Stephen Langton, si nye nunɔla, si va zu Canterbury Ƒe Bisiɔpgã emegbe lae ma Biblia ɖe tawo me. Ƒe alafa 13 lia ƒe gɔmedzedzee wòwɔ esia esime wònye nufiala le Paris Ƒe Yunivɛsiti, le France.

Do ŋgɔ na Langton ƒe ɣeyiɣia la, agbalẽnyalawo ma Biblia-gbalẽwo me wotɔwotɔwoe; wo dometɔ aɖewo ma wo me ɖe memama kpuikpuikpuiwo alo tawo me, eye edze abe taɖodzinua koŋue nye be amewo nate ŋu ake ɖe nyawo ŋu bɔbɔe ene. Tsɔe be wodi be yewoake ɖe ŋɔŋlɔawo me nya aɖe ŋu le Yesaya ƒe agbalẽa me; aleke gbegbe wòanɔ bɔbɔe wu enye esi be woadii le eƒe ta ɖeka aɖe me tsɔ wu be woadii le ta 66 la katã me!

Gake kuxi aɖe le emawo katã ŋu. Agbalẽnyalawo to Biblia-gbalẽwo me mama ƒe mɔnu vovovowo vɛ, evɔ wo katã meto mɔ ɖeka o. Le wo dometɔ ɖeka me la, woma Marko ƒe Nyanyuigbalẽa ɖe ta 50 kloe me, ke menye ɖe ta 16 me abe ale si wòle egbea ene o. Le Langton ƒe ɣeyiɣia me le Paris la, sukuviwo tso dukɔ vovovowo me, eye wotsɔ Biblia geɖewo tso wo dedukɔ me va sukua. Gake nufialawo kple sukuviwo mete ŋu kena ɖe ŋɔŋlɔawo me nya ɖeka ma ke ŋu o. Nu ka tae? Nu si tae nye be woƒe Bibliawo ƒe tawo me mamawo meto mɔ ɖeka o.

Esia ta Langton to ŋɔŋlɔawo mama ɖe tawo me ƒe mɔnu yeye vɛ. Ŋutinyagbalẽ aɖe gblɔ tso mɔnu si wòto vɛ la ŋu be “edo dzidzɔ na nuxlẽlawo kple nugbugbɔŋlɔlawo,” eye “wòkaka ɖo Europa ƒe teƒeteƒewo kabakaba.” (The Book—A History of the Bible) Eyae to Biblia-gbalẽwo ƒe tawo me mama ɖe xexlẽdzesi ƒe ɖoɖo si dzena le Biblia geɖewo me egbea la vɛ.

AME KAE MA TAWO ÐE KPUKPUIWO ME?

Le ƒe alafa 16 lia ƒe domedomee, si anɔ abe ƒe 300 ene megbe la, Franseawo ƒe agbalẽtala bibi si ŋkɔe nye Robert Estienne na nyawo didi le Biblia me gava le bɔbɔe wu. Eƒe taɖodzinu koŋue nye be yeana ame geɖe wu nasrɔ̃ Biblia. Ekpɔe be, ne woɖo Biblia-gbalẽwo ƒe tawo kple kpukpuiwo siaa ɖe xexlẽdzesi ƒe ɖoɖo nu wòto mɔ ɖeka la, aɖe vi ŋutɔ.

Menye Estienne ye to Biblia me mama ɖe kpukpuiwo me ƒe susua vɛ o. Ame bubuwo wɔ esia do ŋgɔ nɛ. Le kpɔɖeŋu me, ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la, Yudatɔ nugbugbɔgaŋlɔlawo ma Hebri Ŋɔŋlɔ bliboa, si nye Biblia ƒe akpa si woyɔna be Nubabla Xoxo, la ɖe kpukpuiwo me, gake womema wo ɖe tawo me o. Eye abe ale si wònɔ le tawo me mama gome ene la, kpukpuiawo me mama hã meto mɔ ɖeka o.

Aƒetɔ Estienne ma Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, alo Biblia ƒe akpa si woyɔna be Nubabla Yeye la, ɖe kpukpuiwo me, eye wòtsɔe kpe ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo, siwo woma ɖe kpukpuiwo me xoxo la ŋu. Le ƒe 1553 me la, eta Biblia blibo gbãtɔ (ɖe Fransegbe me) eye eƒe tawo kple kpukpuiwo le ko abe ale si wòle le Biblia geɖe me egbea ene. Ame aɖewo ƒo nu tsi tre ɖe esia ŋu hegblɔ be Ŋɔŋlɔawo me mama ɖe kpukpuiwo me alea na Biblia me nyawo tso kpokpokpo, si wɔe be nyawo mekplɔ wo nɔewo ɖo le ɖoɖo nu o eye wòma nyagbɔgblɔ aɖewo me. Gake eteƒe medidi o, agbalẽtala bubuwo hã va nɔ mɔnu si wòto vɛ la zãm.

EDE BIBLIA-SRƆ̃LAWO DZI ŊUTƆ

Ŋɔŋlɔawo me mama ɖe tawo kple kpukpuiwo me dze abe mɔnu nyui aɖe wònye woto vɛ ene. Ðeko wòle abe ɖe “adrɛs” va le kpukpui ɖe sia ɖe si ene—abe posu ƒe xexlẽdzesi ene. Enye nyateƒe be menye Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woma Biblia me nyawo ɖe tawo kple kpukpuiwo me o, eye nu si tae woma nyawo me le teƒe aɖewo la me mekɔ tututu o. Ke hã wona wòle bɔbɔe na mí be míake ɖe ŋɔŋlɔawo me nya aɖe koŋ ŋu ahade dzesii ɖi alo atsɔ mawunyakpukpui aɖe si do dzidzɔ na mí la afia ame bubuwo. Ðeko wòle abe ale si míedea dzesi nyagbɔgblɔwo alo nyafɔkpe vevi aɖewo le agbalẽ me be míaɖo ŋku wo dzi ene.

Togbɔ be ale si woma Biblia me nyawo ɖe tawo kple kpukpuiwo me la ɖea vi ŋutɔ hã la, ele vevie ŋutɔ be míaƒe susu nanɔ gbedeasi bliboa si tso Mawu gbɔ la ŋu be míase egɔme. Na wòazu numame na wò be wò susu nanɔ nyati bliboa alo nya si gblɔm wonɔ hafi la ŋu, ke menye mawunyakpukpui ɖekaɖekawo ko ŋu o. Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò be nànya “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo, siwo ate ŋu ana nàdze nunya hena ɖeɖekpɔkpɔ” la nyuie.—2 Timoteo 3:15.