Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mía Wɔla Lɔ̃amea Léa Be Na Mí

Mía Wɔla Lɔ̃amea Léa Be Na Mí

1. MÍA WƆLAA NANA ƔE DZENA

Bu ale si nuwo anɔ ne ɣea medzena kura o ŋu kpɔ. Ɣea ye nana ŋusẽ atiwo be wotea ŋu toa aŋgbawo, ƒoa se, eye wotsea ku. Ɣea ye kpena ɖe atiwo ŋu be wolɔa tsi tso to me toa woƒe kewo me yia aŋgbawo me. Eye emegbea, ɣea lɔa tsi le aŋgbawo me yia dzi.

2. MÍA WƆLAA NANA TSI DZANA

Mawu nana tsi dzana na mí ale be anyigba nate ŋu awɔ nuɖuɖu na mí míaɖu. Mawu nana tsi dzana na mí tso dziƒo eye wònana nukuwo wɔna le wo wɔɣi ale be míekpɔa nuɖuɖu si nana dzi dzɔa mí.

3. MÍA WƆLAA NANA NUÐUÐU KPLE NUDODOWO MÍ

Vifofo geɖe tsia dzi ɖe ale si woawɔ ana nuɖuɖu kple nudodo woƒe ƒomea ŋu. Se nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ ɖa: “Milé ŋku ɖe dziƒoxewo ŋu miakpɔ; womeƒãa nu o, womeŋea nu o, eye womeƒoa nuwo nu ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo si le dziƒo la nyia wo. Ðe miexɔ asi sãsãsã wu wo oa?”—Mateo 6:25, 26.

“Milé ŋku ɖe ale si dzogbenya siwo le gbedzi la tsinae ŋu kpɔ; . . . ; gake mele egblɔm na mi be le [Fia] Salomo ƒe ŋutikɔkɔe la katã me gɔ̃ hã la, meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o. Ke ne Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe si le gbe me egbe . . .  la, ɖe maɖo atsyɔ̃ na miawo ya geɖe wu oa?”—Mateo 6:28-30.

Esi wònye Mawu nana nuɖuɖu kple nudodowo mí ta, míate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu míakpɔ agbemenuhiahiã bubuwo godoo. Ne míeyi edzi wɔ nu si Mawu di la, ayra ɖe agbagba siwo dzem míele be míade agble la dzi alo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dɔ ale be míate ŋu aƒle nu siwo hiã mí.—Mateo 6:32, 33.

Ne míede ŋugble le ɣe, tsidzadza, dziƒoxewo kple seƒoƒowo ŋu la, ana míakpɔ susu nyui siwo tae wòle be míalɔ̃ Mawu. Nyati si kplɔ esia ɖo la aƒo nu tso mɔ si dzi mía Wɔlaa to ƒo nu kple amegbetɔwoa ŋu.