Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lefèvre d’Étaples—Edi Be Ame Tsɛwo Nase Mawu Ƒe Nyaa Gɔme

Lefèvre d’Étaples—Edi Be Ame Tsɛwo Nase Mawu Ƒe Nyaa Gɔme

LE KWASIÐAGBE aɖe ƒe ŋdi le ƒe 1520 me la, ame siwo le du sue aɖe si nye Meaux, si te ɖe Paris ŋu me la ƒe mo wɔ yaa le nu si wose le sɔleme la ta. Woxlẽ nya aɖewo tso Nyanyuigbalẽawo me na wo le wo degbe si nye Fransegbe me ke menye le Latingbe me o!

Aƒetɔ Jacques Lefèvre d’Étaples (Latin, Jacobus Faber Stapulensis) ame is ɖe Biblia sia gɔme ŋlɔ emegbe ɖo ɖe exɔlɔ̃ aɖe be: “Mɔ wɔnuku si dzi tom Mawu le be yeana ame tsɛ siwo le teƒe aɖewo nase yeƒe Nyaa awɔ dɔ ɖe dziwò ŋutɔ.”

Ɣemaɣi la, Katoliko-haa kple mawunyaŋununyala siwo le Paris la tsi tre ɖe Biblia gɔmeɖeɖe siwo le gbe siwo ame geɖe dona me ŋu vevie. Eya ta nu kae ʋã aƒetɔ Lefèvre hafi wòɖe Biblia gɔme ɖe Fransegbe me? Eye nu kae wòwɔ tsɔ kpe ɖe ame tsɛwo ŋu be woase Mawu ƒe Nyaa gɔme?

ENƆ GƆMESESE ŊUTƆŊUTƆ SI LE ŊƆŊLƆAWO ŊU LA DIM

Hafi aƒetɔ Lefèvre nava dze Biblia gɔmeɖeɖedɔa gɔme la, eɖoe eɖokui dzi be yeakpe ɖe amewo ŋu be gɔmesese vevi si le xexemenunya kple mawuŋununya ŋu la nasu wo si. Ede dzesii be vodadawo kple nya tatrawo bɔ ɖe blemanuŋlɔɖi geɖewo me. Esi wònɔ gɔmesese vevi si le blemanuŋɔŋlɔwo ŋu dim la, edze Katolikotɔwo ƒe Biblia, si nye Latin Vulgate si nɔ amewo si ɣemaɣi la sɔsrɔ̃ gɔme tsitotsito.

Ale si wòsrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo kutrikukutɔe na wòƒo nya ta be, “Nyateƒe si le Mawu ƒe nya la me sɔsrɔ̃ ɖeɖe dzaa koe . . . ana ame nakpɔ dzidzɔ wu gbɔgblɔ.” Eya ta aƒetɔ Lefèvre dzudzɔ xexemenunya sɔsrɔ̃ eye wòzã eƒe ŋusẽ katã ɖe Biblia gɔmeɖeɖe ŋu.

Le ƒe 1509 me la, Lefèvre ta Psalmowo * ƒe agbalẽa vovovo atɔ̃ ɖe Latingbe me, eye Vulgate Biblia si me wòwɔ ɖɔɖɔɖowo le hã le wo dome. To vovo na mawunyaŋununyala siwo nɔ anyi le eŋɔli la, eya dze agbagba be yeake ɖe “gɔmesese si tututu” le Biblia me nyawo ŋu la ŋu. Mɔ si dzi wòto ɖe Ŋɔŋlɔawo gɔme la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Biblia ŋutinunyalawo kple ɖɔɖɔɖowɔlawo dzi.—Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Lefèvre Kpɔ Ŋusẽ Ðe Martin Luther Dzi.”

Tanya siwo le Psalmowo me ku ɖe Mawu ŋu siwo woɖo ɖe ɖoɖo nu abe ale si wòdze le Fivefold Psalter, ƒe 1513 Ƒe Tataa me ene

Aƒetɔ Lefèvre si wodzi ɖe Katoliko-haa me la ka ɖe edzi bliboe be ne wofia Ŋɔŋlɔawo ame tsɛwo nyuie ko hafi ha la ƒe nuwɔnawo atrɔ. Gake alekee Ŋɔŋlɔawo awɔ aɖe vi na ame tsɛawo esi wònye be Latingbe me koŋ koe wòle?

BIBLIA GƆMEÐEÐE SI AME SIA AME ATE ŊU AƑLE

Nya siwo dze le Nyanyuigbalẽawo ƒe ŋgɔdonya me ɖo kpe didi si le Lefèvre me be yeana Biblia nasu amewo katã si le wo degbe me la dzi

Ale si gbegbe aƒetɔ Lefèvre lɔ̃ Mawu ƒe Nyaa wɔe be eɖoe be yeana wòasu ame akpa gãtɔ si. Be wòate ŋu aɖo taɖodzinu sia gbɔ la, le June ƒe 1523 me la, eta Nyanyuigbalẽawo ƒe tata suetɔ ƒe babla eve ɖe Fransegbe me. Esi wòle sue eye mexɔ asi de lolotɔ nu o ta la, enɔ bɔbɔe na ame dahewo gɔ̃ hã be woaƒle Biblia sia azã.

Ame siwo dzi nu mede o la kpɔ dzidzɔ ɖe Biblia sia ŋu eteƒe mekɔ o. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa di vevie be yewoaxlẽ Yesu ƒe nyawo le yewo degbe me ale gbegbe be kɔpi 1,200 siwo wota gbã la vɔ le ɣleti ʋɛ aɖewo ko me.

ETƆ AƑƆ TO ÐE BIBLIA GƆME

Aƒetɔ Lefèvre gblɔ le Nyanyuigbalẽawo ƒe ŋgɔdonyaa me be yeɖe wo gɔme ɖe Fransegbe me ale be “ame tsɛ” siwo le sɔlemehaa me la “nate ŋu aka ɖe nyateƒenya siwo le Nyanyuigbalẽawo me la dzi abe ale si wòle le Latingbe me tɔ me ene.” Gake nu ka tae Lefèvre tsi dzi nenema gbegbe be yeakpe ɖe ame tsɛwo ŋu woatrɔ ɖe nu si tututu Biblia fia la ŋu?

Lefèvre nya nyuie be amegbetɔwo ƒe nufiafiawo kple xexemenunya kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe Katoliko-haa dzi . (Marko 7:7; Kolosetɔwo 2:8) Eye eka ɖe edzi bliboe be ɣeyiɣia de be woagblɔ Nya Nyui “si wometɔ tsii o la le xexeame godoo, ale be woagatsɔ amegbetɔwo ƒe nufiafiawo akplɔ ame aɖeke atrae azɔ o.”

Lefèvre ɖoe hã be yeaklo nu le ame siwo gbe be woagaɖe Biblia gɔme ɖe Fransegbe me o la ƒe nyahehe totrowo dzi. Eʋu go woƒe alakpanuwɔnawo esi wògblɔ be: “Aleke woawɔ afia [ameawo] be woawɔ nu siwo katã ƒe se Yesu Kristo de la dzi, ne womedi be ame tsɛwo ƒe asi naka Mawu ƒe Nyaa ale be woate ŋu axlẽ Nya Nyuia le woawo ŋutɔwo degbe me o?”—Romatɔwo 10:14.

Mewɔ nuku o be eteƒe medidi hafi mawunyaŋununyala siwo le Sorbonne yunivɛsiti le Paris la te kpɔ be yewoaɖo asi Lefèvre dzi o. Le August ƒe 1523 me la, wotso ɖe Biblia kple Biblia ŋuti numeɖeɖewo gɔmeɖeɖe ɖe gbe siwo amewo dona me ŋu eye wobu wo be “woagblẽ nu le Sɔlemehaa ƒe nufiafiawo ŋu.” Ne menye Franseawo ƒe Fia Francis I ye o la, anye ne wobu Lefèvre be enye aglãdzela.

GBEGƆMEÐELA SI ‘ZI KPI’ LA WU EƑE DƆ NU

Ale si amewo nɔ nya hem vevie ɖe Lefèvre ƒe Biblia gɔmeɖeɖe ŋu metsɔ fu le lãme nɛ o. Esi wòwu Hela Ŋɔŋlɔawo (si woyɔna be Nubabla Yeyea) gɔmeɖeɖe nu le ƒe 1524 me la, eɖe Psalmowo ƒe agbalẽa si le Fransegbe me ɖe go, ale be mawusubɔlawo nate ŋu ado gbe ɖa “kple seselelãme tso dzi blibo me.”

Mawunyaŋununyala siwo le Sorbonne la wɔ kaba to Lefèvre ƒe dɔawo me tsitotsito. Wode se enumake be woatɔ dzo Hela Ŋɔŋlɔ si gɔme wòɖe la le dutoƒo, eye wogbe nu le eƒe nuŋlɔɖi bubuwo gbɔ be “wode Luther ƒe susu totrowo dzi.” Esi mawunyaŋununyalawo mia asii be wòava ɖe eɖokui nu la, Lefèvre ɖoe be “yeazi kpi” eye emegbe wòsi yi Strasbourg. Le afi ma la, eɖoe be yeaɖe Biblia gɔme le adzame. Togbɔ be ame aɖewo bu eƒe afɔɖeɖe ma be enye vɔvɔ̃nɔtɔ ƒe nuwɔna hã la, eya ka ɖe edzi be emae nye mɔ nyuitɔ si dzi yeato anɔ te ɖe ame siwo mekpɔa dzidzɔ ɖe Biblia me nyateƒe siwo le abe “dzonu xɔasiwo” ene ŋu o la nu.—Mateo 7:6.

Anɔ abe ƒe ɖeka ene le eƒe sisi megbe la, Fia Francis I ɖo Lefèvre be wòanye ye vi Charles si xɔ ƒe ene la ƒe nufiala. Dɔ sia na ɣeyiɣi geɖe Lefèvre be wòawu eƒe Biblia gɔmeɖeɖedɔa nu. Le ƒe 1530 me la, Fiagã Charles V na wota eƒe Biblia blibo si gɔme wòɖe la le Antwerp, menye le France o. *

EƑE DIDIA VA EME

Le Lefèvre ƒe agbe me katã la, enɔ mɔ kpɔm be sɔlemeha la agbe nu le amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo gbɔ eye woatrɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nufiafia adodoeawo ŋu. Eka ɖe edzi vevie be “gome le Kristotɔ ɖe sia ɖe si be wòaxlẽ Biblia ahasrɔ̃e le eɖokui si.” Ema tae wòku kutri vevie be yeana Biblia nasu ame sia ame si. Togbɔ be Lefèvre mekpɔ didi si nɔ eme be sɔlemehaa natrɔ eƒe nufiafiawo teƒe o hã la, womate ŋu ake ɖi nu si wògblẽ ɖe megbe, si nye ale si wòkpe ɖe ame tsɛwo ŋu wonya Mawu ƒe Nya la o.

^ mm. 8 Agbalẽ si nye Fivefold Psalter si le eŋlisigbe me la nye Psalmowo ƒe tata vovovo atɔ̃, woma ɖe sia ɖe ɖe akpa vovovowo me eye woɖo tanya siwo ku ɖe Mawu ŋu la ɖe ɖoɖo nu, si me Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ hã le.

^ mm. 21 Ƒe atɔ̃ megbe, le ƒe 1535 me la, Franse gbegɔmeɖela Olivétan, ɖe Biblia si gɔme wòɖe tso gbe gbãtɔwo me la ɖe go. Lefèvre ƒe dɔwo koŋue kpe ɖe eŋu wòɖe Hela Ŋɔŋlɔawo gɔme.