Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ðe Romatɔwo ɖea mɔ be woaɖi ame si wohe ɖe ati ŋu la bubutɔe, abe ale si wònɔ le Yesu gome enea?

AME geɖe nya nu tso Biblia ƒe ŋutinya si gblɔ be wohe Yesu ɖe ati ŋu kpe ɖe adzodala eve ŋua ŋuti. (Mat. 27:35-38) Gake ame aɖewo gblɔna be, nya si Biblia gblɔ be wodzra Yesu ƒe kukua ɖo hafi ɖii ɖe yɔdo mea mate ŋu anye nyateƒe o.—Marko 15:42-46.

Ame aɖewo siwo kea ɖi Nyanyuigbalẽawo la gblɔna be Romatɔwo maɖe mɔ be woaɖi ame si wohe ɖe ati ŋu la bubutɔe o. Woxɔe se be womaɖe mɔ be woaɖi ame sia tɔgbi ɖe yɔdo me o, elabe womedea bubu eŋu o. Le magazine si woyɔna be Smithsonian mea, nyadzɔdzɔŋlɔla Ariel Sabar gblɔ nu si tae susu ma le ame aɖewo si ɖo. Egblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi siwo wɔa nu vlo ŋutɔ ye wohena ɖe ati ŋu, eya ta agbalẽnyala aɖewo gblɔna be susu manɔ eme be woagblɔ be Romatɔwo aɖe mɔ be woaɖi ame vɔ̃ɖi mawo tɔgbi bubutɔe o.” Romatɔwo dina be yewoaɖi gbɔ nu vlo wɔla siwo wotso kufia na, eya ta le go geɖe mea, wogblẽa ame kukua ɖe atia ŋu be gbemelãwo nava ɖu. Eyome wotsɔa eƒe ƒuwo ƒua gbe ɖe do si me wotsɔ ame kuku bubuwo kɔ ɖo la me ɖia wo katã ɖekae.

Gake nu siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo la ɖee fia be menye ɣesiaɣie wònɔna nenema o, elabe woɖi Yudatɔ aɖewo siwo wohe ɖe ati ŋu la bubutɔe. Le ƒe 1968 mea, woke ɖe ŋutsu aɖe si wowu le ƒe alafa gbãtɔ mea ƒe ƒuwo ŋu le Yudatɔwo ƒe ƒome aɖe ƒe yɔdo si te ɖe Yerusalem ŋua me. Ƒuawo nɔ amekukuƒuɖakavi aɖe me. Afɔkpodziƒu aɖe nɔ ƒuawo dome. Wotsɔ gatagbadzɛ aɖe si didi sentimeta wuiɖekɛ kple afã la klã afɔkpodziƒua ɖe ʋuƒo aɖe ŋu. Sabar gblɔ be: “Afɔkpodziƒua, si nye ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yehochanan tɔ la, ɖo kpe edzi kɔtɛ be nya si Nyanyuigbalẽawo gblɔ be woɖi Yesu ƒe kukua ɖe yɔdo me la anya nye nyateƒe.” Egblɔ kpee be esia ɖee fia be “Romatɔwo ɖe mɔ woɖi Yudatɔ siwo wohe ɖe ati ŋu le Yesu ƒe ŋkekea me la dometɔ aɖewo bubutɔe.”

Ele eme be afɔkpodziƒu si ŋu woke ɖoa na susu vovovowo va le amewo si ku ɖe ale si tututu woanya klã Yesu ɖe atia ŋu ya. Gake ena eme kɔ ƒãa be woɖi nu vlo wɔla siwo wowu la dometɔ aɖewo bubutɔe, ke menye ɖeko wotsɔ woƒe kukuawo ƒu gbe o. Nyateƒee, míate ŋu aka ɖe nya si Biblia gblɔ be woɖi Yesu bubutɔe ɖe yɔdo mea dzi. Kpeɖodziawo na eme kɔ ƒãa be nya si Biblia gblɔ la le eme vavã.

Ƒo wo katã taa, Yehowa gblɔe ɖi be woaɖi Yesu ɖe kesinɔtɔ aɖe ƒe yɔdo me, eye ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na Mawu ƒe nyagblɔɖi sia me vava o.—Yes. 53:9; 55:11.