Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zakariya Ƒe Ŋutegawo—Ale Si Woka Wò

Zakariya Ƒe Ŋutegawo—Ale Si Woka Wò

“Mitrɔ ɖe ŋunye, . . . ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu.”—ZAK. 1:3.

HADZIDZI: 89, 86

1-3. (a) Nɔnɔme ka mee Yehowa ƒe amewo nɔ esime Zakariya dze eƒe nyagblɔɖidɔa gɔme? (b) Nu ka tae Yehowa gblɔ na eƒe amewo be ‘woatrɔ ɖe ye ŋu’?

AGBALẼ xatsaxatsa aɖe le dzodzom le yame, wotu nu ɖe nyɔnu aɖe nu le nugo aɖe me, eye nyɔnu eve siwo to aʋala abe damixewo ƒe aʋalawo ene la le dzodzom le yame—woƒo nu tso nu wɔdɔɖeamedzi siawo ŋu le Zakariya ƒe agbalẽa me. (Zak. 5:1, 7-9) Nu ka tae Yehowa ɖe ŋutega wɔmoyaa siawo fia eƒe nyagblɔɖilaa? Nɔnɔme ka mee Israel-viwo nɔ ɣemaɣi? Aleke Zakariya ƒe nuŋlɔɖi siwo ku ɖe ŋutega siawo ŋu la ka wòe?

2 Le ƒe 537 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, Yehowa ƒe amewo kpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Esi wonɔ aboyo me ƒe 70 le Babilon megbe la, wona ablɔɖe wo azɔ. Dzidzɔ si gbegbe wokpɔ la na wotso ɖe dɔ ŋu be yewoagbugbɔ aɖo subɔsubɔ vavãtɔ anyi le Yerusalem. Le ƒe 536 D.Y. me la, woɖo gbedoxɔa gɔme anyi. Ɣemaɣi la, dukɔ la kpɔ dzidzɔ ale gbegbe be wonɔ “ɣli dom sesĩe, eye woƒe gbe de didiƒe ke.” (Ezra 3:10-13) Ke hã, eteƒe medidi o, futɔwo tsi tsitre ɖe woƒe xɔtudɔa ŋu. Esi esia he kuxi kple nɔnɔme sesẽwo va dukɔa dzi ta la, dzi ɖe le wo ƒo, wodzudzɔ gbedoxɔa tutu, eye wova trɔ susu ɖe woawo ŋutɔwo ƒe aƒewo kple agblewo ŋu. Ƒe wuiade megbe la, Yehowa ƒe gbedoxɔa gakpɔtɔ tsi akpo dzi kokoko. Ehiã be woaɖo ŋku edzi na Mawu ƒe amewo be ele be woatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ke menye be woatsɔ woawo ŋutɔwo ƒe nuwo didi aɖo nɔƒe gbãtɔ o. Yehowa di be woatrɔ ava ye gbɔ eye woasubɔ ye kple dzi blibo vɔvɔ̃manɔmee, abe ale si wowɔnɛ tsã ene.

3 Eya ta, Mawu dɔ eƒe nyagblɔɖila Zakariya ɖe eƒe amewo le ƒe 520 D.Y. me be wòaɖo ŋku taɖodzinu si koŋ tae wona ablɔɖe wo tso Babilontɔwo si me la dzi na wo. Zakariya ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Yehowa Ðo Ŋku Edzi,” eye esia anya he woƒe susu yi nyateƒenya vevi aɖe dzi. Togbɔ be woŋlɔ xɔxɔdɔ siwo Yehowa Mawu wɔ na wo la be hã, Mawu ya gakpɔtɔ ɖoa ŋku eƒe amewo dzi kokoko. (Xlẽ Zakariya 1:3, 4.) Eɖo ŋku edzi na wo lɔlɔ̃tɔe be yeakpe ɖe wo ŋu woagbugbɔ aɖo subɔsubɔ dzadzɛa anyi, gake exlɔ̃ nu wo vevie hã be ne wosubɔ ye kple dzi afãafã la, woƒe nu madze ye ŋu o. Na míakpɔ ale si Yehowa to ŋutega adelia kple adrelia siwo wòɖe fia Zakariya dzi de dzo wo me ɖe dɔa ŋu ɖa. Azɔ hã, míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso esia me egbea.

ƲƆNUDRƆ̃NYA SI MAWU GBLƆ ÐE FIAFITƆWO ŊU

4. Nu kae Zakariya kpɔ le ŋutega adelia me, eye nu ka tae wòɖe dzesi be woŋlɔ nu ɖe agbalẽ xatsaxatsaa me kple egodo siaa? (Kpɔ nɔnɔmetata siwo dze le nyati sia ƒe gɔmedzedze ƒe gbãtɔ.)

4 Zakariya ƒe agbalẽa ƒe ta 5 lia dze egɔme kple ŋutega wɔmoyaa aɖe. (Xlẽ Zakariya 5:1, 2.) Zakariya kpɔ agbalẽ xatsaxatsa aɖe si didi abe meta 9 ene eye wòkeke meta 4 kple afã la wòle dzodzom le yame! Agbalẽ xatsaxatsaa le keke ɖi hena xexlẽ. Ʋɔnudrɔ̃gbedeasi aɖe le eme kple egodo siaa. (Zak. 5:3) Zi geɖe la, agbalẽ xatsaxatsa ƒe axa emetɔ me koe woŋlɔa nu ɖo, eya ta edze ƒãa be gbedeasi vevi aɖe si nye ŋkubiãnya ye le agbalẽ sia me.

Mele be Kristotɔ nafi fi le mɔ aɖeke nu o (Kpɔ memama 5-7)

5, 6. Aleke Yehowa bua fififi ɖe sia ɖe ƒomevi?

5 Xlẽ Zakariya 5:3, 4. Togbɔ be amegbetɔwo katã abu akɔnta na Yehowa hã, agba si lolo wu la le eƒe ame siwo ŋu eƒe ŋkɔ le la dzi. Ame siwo lɔ̃ Mawu la nyae be fififi ɖe sia ɖe ƒomevi ‘ado vlo yewoƒe Mawu ƒe ŋkɔ.’ (Lod. 30:8, 9) Ne ame aɖe fi fi eye wòdze abe gɔmesese le eŋu be wòafi fi le nɔnɔme ma me ene gɔ̃ hã la, efia be eya ŋutɔ ƒe dzodzrowo le vevie nɛ wu Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, eye ŋutilãmenuwo le vevie nɛ wu nu bubuwo. Efia be ebu Mawu ƒe se la nu tsɛe, eye mede bubu Yehowa kple Eƒe ŋkɔa ŋu o.

6 Ède dzesii be wogblɔ le Zakariya 5:3, 4 be ‘fiƒode age ɖe fiafitɔ ƒe aƒe me eye wòanɔ aƒe ma me ahagbã aƒea’? Ʋɔtru kple gameti siwo le ame ƒe aƒe ŋu mate ŋu axe mɔ ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu be wòagava edzi o. Eya ta, Yehowa ate ŋu aʋu go nu gbegblẽ wɔwɔ ɣaɣla ɖe sia ɖe si le eƒe amewo dome eye wòadrɔ̃ ʋɔnu nu gbegblẽ wɔlaa. Ne ame aɖe te ŋu ɣla eƒe fififi ɖe setɔwo, dɔtɔwo, hamemetsitsiwo, alo dzilawo gɔ̃ hã la, mate ŋu aɣlae ɖe Mawu, ame si na wòdze ƒãa be yeaklo nu le fififi ɖe sia ɖe dzi godoo, la o. (Heb. 4:13) Aleke gbegbe wòdzɔa dzi na míi ye nye esi be míele ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoaɖi “anukware le nuwo katã me” la dome!—Heb. 13:18.

7. Nu kae míawɔ be fiƒodenya si le agbalẽ xatsaxatsa si le dzodzom me la nagava mía dzi o?

7 Yehowa lé fu fififi ɖe sia ɖe ƒomevi. Dadae wònye na mí be míawɔ ɖe Yehowa ƒe nudidi deŋgɔawo dzi ahanɔ agbe le mɔ si mahe vlododo ava eƒe ŋkɔa dzi o nu. Ne míewɔ esia la, ekema ʋɔnudrɔ̃nya siwo Yehowa gblɔ ɖe ame siwo ɖoe koŋ dana le eƒe sea dzi ŋu la mava mía dzi o.

XE WÒ ADZƆGBEÐEFE “GBE SIA GBE”

8-10. (a) Nu kae nye atamkaka alo adzɔgbeɖeɖe? (b) Atamkaka ka dzie Fia Zedekiya gbe wɔwɔ ɖo?

8 Azɔ nuxlɔ̃amegbedeasi aɖe le agbalẽ xatsaxatsa si le dzodzom la me na ame siwo le ‘alakpatam kam le Mawu ƒe ŋkɔ me.’ (Zak. 5:4) Atamkaka alo adzɔgbeɖeɖe nye atamkanya si me ame ɖo kpe nane ƒe nyateƒenyenye dzi le alo do ŋugbe be yeawɔ nane alo yeatsri nane.

9 Ŋkubiãnyae wònye be woaka atam le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Esia dze ƒãa le nu si dzɔ ɖe fia mamlɛtɔ si ɖu fia le Yerusalem dzi la me. Zedekiya ka atam le Yehowa ƒe ŋkɔ me be yeabɔbɔ ɖe Babilon fia te ahawɔ nuteƒe nɛ. Ke hã, Zedekiya mewɔ ɖe atam si wòka la dzi o. Esia ta, Yehowa gblɔ ʋɔnudrɔ̃nya sia ɖe eŋu be: “Zi ale si mele agbe la, . . . [Zedekiya] aku ɖe Babilon, afi si fia si tsɔ eya amea ɖo fiae la le, ame si ƒe atam wòdo vloe, eye wòtu eƒe nubabla.”—Eze. 17:16.

10 Esi Fia Zedekiya ka atam le Yehowa Mawu ƒe ŋkɔ me ta la, ele nɛ godoo be wòawɔ ɖe edzi. (2 Kron. 36:13) Ke hã, Zedekiya trɔ ɖe Egipte ŋu be wòaɖe ye tso Babilontɔwo si me, gake esia medze edzi o.—Eze. 17:11-15, 17, 18.

11, 12. (a) Adzɔgbe kae nye vevitɔ si míate ŋu aɖe le agbe me? (b) Aleke wòle be míaɖee afia le míaƒe agbenɔnɔ me gbe sia gbe be míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu?

11 Yehowa ƒe to le ŋugbe siwo míedona hã ŋu. Ebua míaƒe adzɔgbeɖeɖe kple atamkakawo ŋkubiãnyae, eye ele be míawɔ wo dzi hafi míaƒe nu nadze eŋu. (Ps. 76:11) Le míaƒe ŋugbedodowo katã dome la, esi le vevie wue nye adzɔgbe si míeɖe na Yehowa be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Adzɔgbeɖeɖe na Yehowa nye ŋugbedodo be woasubɔ eyama, nu ka kee ɖadzɔ o.

12 Aleke míaɖee afia be míele adzɔgbe si míeɖe na Mawu la dzi wɔm? Ale si míewɔa nui ne dodokpɔ suewo kple gãwo va mía dzi la aɖee afia nenye be míebua ŋugbe si míedo na Yehowa be míakafui “gbe sia gbe” la ŋkubiãnyae. (Ps. 61:8) Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe le ahiãmo ɖom na mí le dɔme alo suku la, ɖe míegbena tsɔ ɖenɛ fiana be ‘míekpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe mɔwo ŋua’? (Lod. 23:26) Ne míaƒe ƒometɔwo menye haxɔsetɔwo o la, ɖe míedoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míalé Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo me ɖe asia? Ðe míedoa gbe ɖa na mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la gbe sia gbe hedaa akpe nɛ le esi wòna míezu eƒe amewo dometɔ ɖeka kple ale si wòlɔ̃ mí ta? Ðe míedia ɣeyiɣi xlẽa Biblia gbe sia gbea? Ne míagblɔe la, ɖe menye nu siawoe míeɖe adzɔgbe nɛ be míawɔ oa? Adzɔgbe si míeɖe na Yehowa la dzi wɔwɔ bia be míaɖo toe. Ne míekpɔa gome le Yehowa subɔsubɔ me bliboe la, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃e eye míetsɔ mía ɖokui nɛ vavã. Míaƒe mawusubɔsubɔ bia be míanɔ agbe le mɔ si dzea Yehowa ŋu nu, ke menye be míakpɔ gome le subɔsubɔdɔ aɖewo me ko o. Ne míewɔ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖea dzi la, aɖe vi na míawo ŋutɔwo, elabena etsɔme nyui asu mía si.—5 Mose 10:12, 13.

13. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Zakariya ƒe ŋutega adelia me?

13 Zakariya ƒe ŋutega adelia kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be mele be ame siwo lɔ̃ Yehowa la nafi fi le mɔ aɖeke nu alo aka alakpatam o. Míekpɔe hã be togbɔ be Israel-viwo da vo geɖe hã la, Yehowa megbe wo o. Enya ale si nɔnɔmea sesẽ na wo esime futɔ siwo ƒo xlã wo la nɔ fu ɖem na wo. Yehowa ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le ale si wòwɔ eƒe ŋugbedodowo dzi me, eye akpe ɖe mía ŋu míawɔ míaƒe ŋugbedodowo dzi. Mɔ aɖe si dzi wòtona kpena ɖe mía ŋue nye mɔkpɔkpɔ si wòna mí be, eteƒe madidi o, yeaɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa le anyigba dzi. Ŋutega si Zakariya gakpɔ ɖe esia yome la na kakaɖedzi mí be mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia ava eme.

‘WOTSƆ VƆ̃ÐINYENYE DA ÐE AFI SI DZE NƐ’

14, 15. (a) Nu kae Zakariya kpɔ le ŋutega adrelia me? (Kpɔ nɔnɔmetata 2 lia si dze le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu kae nyɔnu si le efa-nugoa me la le tsitre ɖi na, eye nu ka tae wodee nugoa me hetu nu ɖe enu?

14 Esi Zakariya kpɔ agbalẽ xatsaxatsa si nɔ dzodzom la vɔ la, mawudɔla aɖe gblɔ nɛ be ‘wòafɔ mo dzi.’ Nu kae Mawu aɖe afia le ŋutega adrelia me? Zakariya kpɔ nugo aɖe si woyɔna be “efa” wòdo gbɔna. (Xlẽ Zakariya 5:5-8.) “Nutunu kotoo si wotsɔ tsumi wɔ” la le nugo sia si lolo vie la nu. Esi woɖe nutunua ɖa la, Zakariya kpɔe be “nyɔnu aɖe bɔbɔ nɔ anyi ɖe nugo la me.” Mawudɔlaa gblɔ na Zakariya be nyɔnu si le nugoa me lae nye “Vɔ̃ɖinyenye.” Kpɔ ale si gbegbe ŋɔdzi anya lé Zakariya esi nyɔnua te kpɔ be yeado le nugoa me ɖa! Mawudɔlaa gbugbɔ tee ɖe nugoa me kaba hetsɔ nutunu kpekpe la tu enu. Nu kae esia fia?

15 Ŋutegaa ƒe akpa sia te gbe ɖe edzi be Yehowa maɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ƒomevi aɖeke ŋu le eƒe amewo dome o. Akpɔ egbɔ be woɖee ɖa kaba. (1 Kor. 5:13) Mawudɔlaa ka ɖe esia dzi na mí le ale si wògbugbɔ tsɔ nutunu la tsyɔ nugoa nu kaba la me.

Yehowa wɔ nu si hiã tsɔ kpɔ egbɔ be subɔsubɔ dzadzɛa nakpɔtɔ anɔ dzadzɛ (Kpɔ memama 16-18)

16. (a) Nu kae Zakariya gakpɔ be wowɔ kple efa-nugoa? (Kpɔ nɔnɔmetata 3 lia si dze le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Afi kae nyɔnu siwo to aʋalawo la kɔ efa-nugoa yi?

16 Azɔ Zakariya kpɔ nyɔnu toaʋala eve aɖewo do gbɔna. Ŋusẽ le woƒe aʋalawo ŋu abe damixe ƒe aʋalawo ene. (Xlẽ Zakariya 5:9-11.) Nyɔnu siawo to vovo na nyɔnu si le nugoa me la ŋutɔ! Nyɔnu siawo dzo kple woƒe aʋala sesẽawo va kɔ nugo si me “Vɔ̃ɖinyenye” le la dzoe. Afi kae wokɔe yina? Wokɔ Vɔ̃ɖinyenye yina “Sinar-nyigba dzi,” alo Babilon. Gake nu ka tae wòle be woakɔe ayi Babilon?

17, 18. (a) Nu ka tae Sinar nye “afi si dze” be woatsɔ “Vɔ̃ɖinyenye” ada ɖo? (b) Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ le vɔ̃ɖinyenye ŋu?

17 Israel-vi siwo nɔ anyi le Zakariya ŋɔli la ase nu si tae Sinar nye afi si sɔ nyuie be woatsɔ Vɔ̃ɖinyenye ada ɖo la gɔme. Zakariya kple ehati Yudatɔwo nyae kɔtɛ be Babilon nye afi si vɔ̃ɖinyenye xɔ aƒe ɖo le woƒe ŋkekea me. Woawo ŋutɔwo nɔ dugã ma me kpɔ hekpɔ ŋunyɔnuwo kple trɔ̃subɔsubɔ si xɔ aƒe ɖe afi ma. Ɣemaɣi la, wonɔ agbagba dzem gbe sia gbe be trɔ̃subɔlawo ƒe nuwɔnawo nagakpɔ ŋusẽ ɖe yewo dzi o. Gbɔdzɔe ka gbegbee nye esi ŋutega sia ana woakpɔ! Enye kpeɖodzi tso Yehowa gbɔ be yeakpɔ egbɔ be subɔsubɔ dzadzɛa nakpɔtɔ anɔ dzadzɛ!

18 Ke hã, ŋutegaa gaɖo ŋku edzi na Yudatɔwo hã be agba le wo dzi be woakpɔ woƒe mawusubɔsubɔ ta wòakpɔtɔ anɔ dzadzɛ. Womate ŋu aɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu le Yehowa ƒe amewo dome gbeɖe o. Esi Yehowa na míeva le eƒe lɔlɔ̃ la me le eƒe habɔbɔ dzadzɛa me la, ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ eƒe akpa dzi atsɔ akpɔ egbɔ be Mawu ƒe habɔbɔa kpɔtɔ le dzadzɛ. Ðe míaƒe dzi ʋãa mí be míana Yehowa ƒe habɔbɔa nakpɔtɔ anɔ dzadzɛa? Mele be vɔ̃ɖinyenye ƒomevi aɖeke nanɔ míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa me o.

AME DZADZƐWOE DEA BUBU YEHOWA ŊU

19. Nufiame kawoe le Zakariya ƒe ŋutegawo me na mí egbea?

19 Zakariya ƒe ŋutega adelia kple adrelia nye nuxlɔ̃amenya vevi aɖe na ame siwo kpɔtɔ le anukwaremaɖimaɖi ƒe nuwɔnawo dzi, eye wòganye ŋkuɖodzinya na wo be Yehowa meŋea aɖaba ƒua nu gbegblẽ wɔwɔ dzi o. Ele be esubɔla ɖianukwarewo nalé fu vɔ̃ɖinyenye. Ŋutega siawo ganye kakaɖedzinya si tso mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la gbɔ. Ne míekua kutri be míawɔ nu siwo ana míadze Yehowa Mawu ŋu eye wòakpɔ mía ta la, eƒe fiƒode mava mía dzi o, ke boŋ akpɔ dzidzɔ ɖe mía ŋu ahayra mí. Agbagba siwo katã míadze be míakpɔtɔ anɔ dzadzɛ le xexe si me vɔ̃ɖinyenye xɔ aƒe ɖo me la aɖe vi godoo. Míate ŋu aka ɖe edzi be míakpɔ dzidzedze le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me! Gake nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be subɔsubɔ vavãtɔ akpɔtɔ anɔ anyi? Nu ka tae míeka ɖe edzi be Yehowa akpɔ eƒe habɔbɔa ta esime xaxa gã la le aƒe tum? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔ esia ɖo me.