Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI

Ale Si Nàna Numame Nyuiwo Naɖe Vi Na Wò

Ale Si Nàna Numame Nyuiwo Naɖe Vi Na Wò
  • ESI Austin nɔ alɔ̃ me eye eƒe gaƒoɖokui ɖi la, efɔ enumake togbɔ be alɔ̃ nɔ mo nɛ hã. Edo eƒe kamedewu si wòda ɖe asitsɔƒe le zã si do ŋgɔ me eye wòyi ɖade kame vie abe ale si wòwɔnɛ zi etɔ̃ le kwasiɖa me le ƒe si va yi me ene.

  • Ðeko Laurie kple srɔ̃aŋutsu wɔ dzre aɖe vɔe nye ema. Le ale si wòdo dziku hetɔtɔe ta la, ege ɖe dzodoƒea eye wòtsɔ kpetike aɖewo siwo le aŋekotoku me heɖu wo katã abe ale si wòwɔna ɣesiaɣi si wòdo dziku ene.

Nu kae ɖe dzesi le Austin kple Laurie ŋu? Wonya alo womeɖanya o, nane si wowɔna wotsi wo sie kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi.

Ke wò ɖe? Ðe nɔnɔme nyui aɖewo li siwo nàdi be yeatu ɖo le wò agbe mea? Ðewohĩ wò taɖodzinue nye be yeanɔ kame dem edziedzi, adɔ alɔ̃ aɖi ɖe eme nyuie alo ana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ wò kple wò ame veviwo dome.

Le go bubu me la, ɖewohĩ àdi be yeaɖe asi le numame gbegblẽ aɖewo abe sigaretnono, nuɖuɖu siwo medea lãmesẽ dzi o ɖuɖu alo Internet dzi nɔnɔ fũu akpa ene ŋu.

Àlɔ̃ ɖe edzi be menɔa bɔbɔe be woaɖe asi le numame gbegblẽ aɖe ŋu o. Le nyateƒe me la, wogblɔna be detsi vivi ye hea zikpui: Eɖuɖu vivina ale gbegbe be míedina be míaɖe asi le eŋu o!

Eya ta aleke nàna nɔnɔme siwo le asiwò naɖe vi na wò tsɔ wu be nàna woagblẽ nu le ŋuwò? Na míade ŋugble tso aɖaŋuɖoɖo etɔ̃ siwo gbɔna siwo wotu ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi la ŋu kpɔ.