Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Subɔsubɔ Ye Nye Eƒe Atike!

Mawu Subɔsubɔ Ye Nye Eƒe Atike!

Esi nɔviŋutsu mɔɖela eve ge ɖe aƒe aɖe me le Kenya la, woƒe nu ku esi wokpɔ ŋutsu aɖe si le sue ŋutɔ le aba dzi. Eƒe akɔta va se ɖe ƒodo le sue ŋutɔ eye eƒe abɔwo le kpuie. Esi wogblɔ ŋugbe si Mawu do be “xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene” na ŋutsu sia la, eko alɔgbɔnu gã aɖe.—Yes. 35:6.

Emegbe mɔɖelaawo va see be lãmeƒu masemasẽ dɔ, alo lãmeƒu siwo ŋena bɔbɔe ƒe dɔléle, ye le Onesmus ŋu. Ƒu siwo le lãme nɛ bɔbɔ ale gbegbe be ne nane mia ƒuawo sesĩe vie ko la woŋena. Esi wometea ŋu daa dɔ sia o ta la, Onesmus nyae be ele be yeanɔ bunɔkeke me ahanɔ veve sem le yeƒe agbemeŋkekewo katã me.

Onesmus lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Gake nɔa meda asi ɖe edzi be wòanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dem o, elabena esusu be esia ana nu vevi nawɔe eye wòagase veve ɖe edzi wu. Eya ta nɔviawo léa kpekpeawo me nyawo ɖe mɔ̃ dzi na Onesmus, eye wòsenɛ le aƒe me. Esi Onesmus srɔ̃ nu ɣleti atɔ̃ megbe la, etso nya me be yeade kpekpeawo, nu ka kee ɖadzɔ o.

Ðe Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede dzi Onesmus ƒe veveseseawo ɖe edzia? Kura o. Onesmus gblɔ be: “Ewɔ abe veve si mesena ɣesiaɣi la ɖiɖina ne mele kpekpewo me ene.” Exɔe se be mɔkpɔkpɔ si va su ye si ye na yeƒe dzi dze eme vie. Onesmus dada kpɔ ale si via le dzidzɔ kpɔmee eye esia do dzidzɔ nɛ ale gbegbe be wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye hã. Nya si wògblɔna ye nye be: “Mawu subɔsubɔ ye nye vinye ƒe atike.”

Eteƒe medidi o, Onesmus zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, exɔ nyɔnyrɔ eye wòzu subɔsubɔdɔwɔla fifia. Togbɔ be Onesmus metea ŋu zãa eƒe afɔwo kple abɔ ɖeka kura o hã la, edi vevie be yeawɔ nu sia nu si yeate ŋui le Yehowa subɔsubɔ me. Edi be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa, gake enɔ hehem ɖe megbe le agbalẽvia kpekpeɖo me. Nu ka ta? Elabena enyae be ele be yeakpɔ ame bubu aɖe sinu ɣesiaɣi be wòate yeƒe bunɔkeke hafi yeate ŋu ayi gbeadzi. Esi wògblɔ eƒe dzimaɖitsitsia na hati Kristotɔwo la, wogblɔ be yewoakpe ɖe eŋu. Eye wokpe ɖe eŋu hã, ale be Onesmus te ŋu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa.

Nenema kee Onesmus tsi dzimaɖi esi wòdi be yeawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Gbe ɖeka la, gbe sia gbe mawunyakpukpui si me wòdzro la de dzi ƒo nɛ. Mawunyakpukpuia ye nye Psalmo 34:9, afi si gblɔ be: “Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo.” Esi Onesmus de ŋugble tso mawunyakpukpuia ŋu vɔ la, etso nya me be yeawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Fifia eɖea gbeƒã ŋkeke ene le kwasiɖaa me, eye Biblia nusrɔ̃vi geɖe siwo le ŋgɔyiyi nyui wɔm la le esi. Le ƒe 2010 me la, Onesmus de Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Sukua. Dzi dzɔe ŋutɔ esi wòdo go nɔviŋutsu siwo ɖe gbeƒã nɛ zi gbãtɔ la dometɔ ɖeka le sukua, eye wònye woƒe nufialawo dometɔ ɖeka!

Esusɔ vie Onesmus naxɔ ƒe 40 fifia. Edzilawo megale agbe o, gake nɔvi siwo le hamea me la kpɔa eƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ nɛ. Edaa akpe na Yehowa ɖe yayra siwo su esi va se ɖe fifia ta, eye wòle mɔ kpɔm vevie na ŋkeke si “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yes. 33:24.