Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ekpɔ Mɔ, Eye Wòlala

Ekpɔ Mɔ, Eye Wòlala

Srɔ̃ Woƒe Xɔse

Ekpɔ Mɔ, Eye Wòlala

ELIYA di vevie be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga ahado gbe ɖa na ye Fofo si le dziƒo. Gake ɖeko ameha siwo ƒo xlãe la kpɔ eteƒe nyagblɔɖila vavã sia na dzo ge tso dziƒoe nye ema, eye ɖikeke mele eme o be wo dometɔ geɖewo di be wòakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu. Hafi Eliya nalia Karmel To kɔkɔ si dzi ya ƒona le sesĩe aɖado gbe ɖa na Yehowa Mawu la, dɔ sesẽ aɖe dze ŋgɔe. Enɔ nɛ be wòaɖaƒo nu kple Fia Axab.

Ame eve siawo to vovo ale gbegbe. Axab, si tsɔ fiawu dzeani aɖe ɖo atsyɔ̃ na eɖokui kpeɖii la, nye ŋuklẽla kple xɔsegbela dzimanɔameƒotɔ. Eliya, si do nyagblɔɖilawo ƒe awu, si nye awu tsɛ si womeɖo atsyɔ̃ na o, si anɔ eme be wotsɔ lãgbalẽ, alo kposɔfu loo alo gbɔ̃fu lɔ̃lɔ̃e, wɔ. Enye dzinɔameƒotɔ, fɔmaɖila, kple xɔsetɔ gã aɖe. Nu si dzɔ le ŋkeke ma si yina enu wu ge dzi la ɖe vovototo gã si le ame eve siawo dome la fia. *

Ŋkeke vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔe wònye na Axab kple Baal subɔla bubuawo. Woʋu go subɔsubɔ si Axab kple srɔ̃a Fianyɔnu Izebel do ɖe ŋgɔ le Israel to ewo fiaɖuƒea me la be enye alakpasubɔsubɔ. Woɖee fia be Baal nye alakpamawu. Mawu ma si me agbe mele o la do kpo dzo hã teti dodo atsɔ atɔ na eƒe nyagblɔɖila siwo nɔ koko ƒom, nɔ kpo tim henɔ wo ɖokuiwo sim kple lãnuwo ŋkubiãtɔe la. Baal mete ŋu kpɔ nyagblɔɖila 450 mawo ta tso ku si wodzena la me o. Alakpamawu ma gado kpo nu le nu bubu aɖe hã me, eye eteƒe madidi o woaɖe eƒe kpododonu sia ɖe go keŋkeŋ. Baal ƒe nyagblɔɖilawo nɔ koko ƒom na woƒe mawua hena ƒe etɔ̃ kple edzivɔwo be wòana kuɖiɖi si nɔ fu wɔm woƒe anyigbaa la nu natso, gake Baal mete ŋui o. Eteƒe madidi o, Yehowa ŋutɔ atsi kuɖiɖia nu atsɔ aɖee afia be yee nye Mawu vavã la.—1 Fiawo 16:30–17:1; 18:1-40.

Gake ɣekaɣie Yehowa awɔ esia? Alekee Eliya awɔ nu va se ɖe ɣemaɣi? Eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutsu xɔsetɔ sia gbɔ? Na míakpɔe ɖa, esime míele nuŋlɔɖi si le 1 Fiawo 18:41-46 me dzrom.

Edoa Gbe Ða Vevie

Eliya te ɖe Axab ŋu hegblɔ nɛ be: “Yi nàɖu nu, eye nàno nu, elabena mese tsidzadza ƒe nuwɔwɔ.” (Kpukpui 41) Ðe fia vɔ̃ɖi sia srɔ̃ nane tso nu siwo dzɔ le ŋkekea me la mea? Nuŋlɔɖia megblɔ nya aɖeke tso esia ŋu o, gake edze ƒãa be fia la meɖe dzimetɔtrɔ ƒe nɔnɔme aɖeke fia o, eye mebia tso nyagblɔɖilaa si hã be wòakpe ɖe ye ŋu yeate ɖe Yehowa ŋu ahabia tsɔtsɔke o. Ðeko wòyi “be yeaɖu, eye yeano nu.” (Kpukpui 42) Nu kae Eliya ya wɔ?

‘Ke Eliya yi Karmel To la tame, eye wònɔ klotinu ɖe anyigba hetsɔ mo de ata me.’ Esime Axab yi eƒe ƒodo gbɔ kpɔ ge la, Eliya ya zã mɔnukpɔkpɔ ma yi gbe do ge ɖa na Fofoa. De dzesi ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme si me Eliya nɔ—edze klo ɖe anyigba hebɔbɔ ta ale gbegbe be eƒe mo de eƒe klowo tɔ ge kloe. Nu ka wɔm Eliya nɔ? Míasusu naneke agblɔ o. Biblia gblɔ na mí le Yakobo 5:18 be Eliya do gbe ɖa be kuɖiɖia nu natso. Ðikeke mele eme o be gbe mae wònɔ dodom ɖa le Kamel To la dzi.

Yehowa gblɔ do ŋgɔ be: “Mana tsi nadza ɖe anyigba dzi.” (1 Fiawo 18:1) Eya ta Eliya do gbe ɖa be ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu nava eme abe ale si ko, le ƒe akpe ɖeka megbe la, Yesu hã va fia eyomedzelawo be woawɔe ene.—Mateo 6:9, 10.

Eliya ƒe kpɔɖeŋua fia nu geɖe mí tso gbedodoɖa ŋu. Nu si nɔ vevie na Eliya wue nye be ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu nava eme. Ne míele gbe dom ɖa la, anyo be míaɖo ŋku edzi be: “Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple [Mawu ƒe] lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (1 Yohanes 5:14) Eya ta eme kɔ ƒãa be ehiã be míanya nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu hafi ado gbe ɖa nɛ wòadze eŋu—esiae nye susu vevi si tae wòle be míanɔ Biblia srɔ̃m gbe sia gbe ɖo. Esi wònye kuɖiɖia le fu wɔm dukɔa me tɔwo katã ta la, Eliya hã adi kokoko be enu natso. Anɔ eme be eƒe dzi yɔ fũu kple akpedada le nukunu si teƒe wòkpɔ Yehowa wɔ gbe ma gbe la ta. Nenema kee wòle be míaƒe gbedodoɖawo naɖe dzitsitsi ɖe ame bubuwo ƒe nyonyo ŋu kple akpedada ƒe nɔnɔme afia.—2 Korintotɔwo 1:11; Filipitɔwo 4:6.

Kakaɖedzi Kple Mɔkpɔkpɔ Nɔ Esi

Kakaɖedzi nɔ Eliya si be Yehowa atsi kuɖiɖia nu, gake menya ɣeyiɣi si tututu esia ava eme o. Ke nu kae nyagblɔɖilaa wɔ le ɣeyiɣi siwo me wònɔ lalam? Se nya si kpukpui 43 lia gblɔ ɖa: “Eye wògblɔ na eƒe ɖekakpui bena: Lia to la, eye nàkpɔ ƒu gome ɖa! Eye wòyi ɖakpɔe ɖa hegblɔ bena: Naneke meli o. Eɖo ŋu bena: Yi zi gbɔ zi adre.” Nufiame eve ya teti le kpɔɖeŋu si Eliya ɖo la me na mí. Gbã la, de dzesi kakaɖedzi si nɔ nyagblɔɖilaa si. Emegbe kpɔ ale si mɔkpɔkpɔ hã nɔ esi la ɖa.

Eliya di vevie be yeakpɔ dzesi siwo aɖee afia be Yehowa le eƒe nyaa dzi wɔ ge, eya ta edɔ eƒe subɔvi ɖo ɖe toa ƒe teƒe kɔkɔ aɖe be wòaɖalé ŋku ɖe ƒu gome be akpɔ tsiɖoɖo ƒe dzesi aɖe le dziŋgɔlia hã. Subɔvia trɔ gbɔ kple nya madedziƒoname sia be: “Naneke meli o.” Ƒua gome kɔ, eye alilikpo dodo aɖeke mele dziŋgɔlia o. Ède dzesi nane si wɔ nuku na wòa? Ðo ŋku edzi be ɖeko Eliya gblɔ na Fia Axab be, “mese tsidzadza ƒe nuwɔwɔ,” teti koe nye ema. Aleke wɔ nyagblɔɖilaa gblɔ nya ma, evɔ alilikpo dodo aɖeke menɔ dziŋgɔlia o?

Ŋugbe si Yehowa do la nɔ nyanya na Eliya. Esi wònye Yehowa ƒe nyagblɔɖila kple eteƒenɔla ta la, eka ɖe edzi be yeƒe Mawu la ana eƒe nya nava eme. Kakaɖedzi nɔ Eliya si ale gbegbe be ɖeko wòwɔ nɛ abe ɖe wònɔ tsidzadza ƒe nuwɔwɔ sem xoxo ene. Esia ɖo ŋku nya si Biblia gblɔ tso Mose ŋu dzi na mí, be: “Eyi edzi nɔ te sesĩe, abe ɖe wònɔ Ame si womekpɔna o la kpɔm ene.” Ðe wò hã nèbua Mawu be enye ame ŋutɔŋutɔ nenema? Ena kpeɖodzi geɖe siwo akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe eyama kple eƒe ŋugbedodowo dzi la mí.—Hebritɔwo 11:1, 27.

Azɔ hã, de dzesi mɔkpɔkpɔ si gbegbe nɔ Eliya si. Edɔ eƒe subɔvia ɖa, menye zi ɖeka alo zi eve o, ke boŋ zi adre sɔŋ! Míate ŋu akpɔ ale si yiyi kple gbɔgbɔ ma ate ɖeɖi subɔvia ŋui la ɖaa le susu me, gake Eliya ya kpɔtɔ nɔ mɔ kpɔm na dzesi aɖe kokoko, eye mena ta o. Mlɔeba esi subɔvia yi zi adrelia la, eva ka nya ta be: “Kpɔ ɖa, alilikpovi aɖe le abe ame ƒe asi ene, tso ƒu gome gbɔna.” (Kpukpui 44) Ðe nàte ŋu akpɔ ale si subɔvia alé eƒe abɔ ɖeka do ɖa atsɔ eƒe asiƒome anɔ sɔsɔm kple alilikpo sue si gbɔna tso Ƒu Gã la gome la le susu mea? * Anɔ eme be subɔvia mebu alilikpo si wòkpɔ la ɖe ɖeke me o. Gake Eliya ya mebui nu tsɛe o. Eya ta edɔ dɔ kpata aɖe eƒe subɔvia be: “Yi ɖagblɔ na Axab bena: Tsi lãwo ɖe tasiaɖam ŋu, eye nàdzo, ne tsi megasika wò ɖi o.”

Le esia hã me la, Eliya gaɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí. Míawo hã míele agbe le ɣeyiɣi si me eteƒe madidi o Mawu aɖe afɔ bene eƒe tameɖoɖo si wòɖe gblɔ la nava eme. Eliya kpɔ mɔ na kuɖiɖi ƒe nuwuwu; Mawu subɔla siwo li egbea hã le mɔ kpɔm na xexemenuɖoanyi sia ƒe nuwuwu. (1 Yohanes 2:17) Va se ɖe esime Yehowa Mawu naɖe afɔ la, ele be míayi edzi anɔ mɔ kpɔm abe ale si Eliya wɔe ene. Mawu ŋutɔ ƒe Vi, Yesu, xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke si dzi miaƒe Aƒetɔ la ava o.” (Mateo 24:42) Ðe Yesu ƒe nya sia fia be eyomedzelawo manya naneke kura tso ɣeyiɣi si me nuwuwua ava la ŋu oa? Ao, elabena egblɔ nya gbogbo aɖewo tso ale si xexea me anɔ ne nuwuwua le aƒe tum la ŋu. Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu asrɔ̃ nu tso “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la” ƒe dzesi si ŋu wòƒo nu tso tsitotsito la ŋu.—Mateo 24:3-7. *

Dzesi ma ƒe akpa ɖe sia ɖe na kpeɖodzi sẽŋu si ŋu kakaɖedzi le. Ðe kakaɖedzi le kpeɖodzi mawo ŋu ale gbegbe be woaʋã mí míawɔ nu kpata? Alilikpo sue si dze le ƒu gome koe na Eliya ka ɖe edzi be ɣeyiɣi de na Yehowa be wòaɖe afɔ. Ðe nyagblɔɖila wɔnuteƒe la ƒe mɔkpɔkpɔa zu dzodzroa?

Yehowa He Gbɔdzɔe Kple Yayrawo Vae

Nuŋlɔɖia yi edzi be: “Eye wòva me bena, alilikpo xe dziƒo enumake tsiɖitsiɖi, ya le ƒoƒom, eye tsi gã aɖe dza. Tete Axab ɖo tasiaɖam heyi Yezreel.” (Kpukpui 45) Ðeko nuwo dzɔ kplɔ wo nɔewo ɖo kpatakpata. Esime Eliya ƒe subɔvia nɔ nyagblɔɖilaa ƒe gbedeasia gblɔm na Axab la, alilikpo sue ma keke ɖe enu hexɔ dziŋgɔlia katã, si na yamenutoa me xe litii. Ya sesẽ aɖe ƒo. Tsi gã aɖe dza ɖe Israel nyigba la dzi mlɔeba, si na ƒe etɔ̃ kple afã ƒe kuɖiɖia nu tso. * Anyigba si ƒu kplakplakpla la no tsia ƒiaƒiaƒia. Esi tsia va nɔ dzadzam sesĩe la, Kison tɔʋu la yɔ gbagba, si ɖikeke mele eme o be eklɔ Baal ƒe nyagblɔɖila siwo wowu la ƒe ʋuawo ɖa. Esia nye mɔnukpɔkpɔ na Israel vi siwo tra mɔ la hã be woakɔ wo ɖokuiwo ŋu tso Baal subɔsubɔ ƒe ɖiƒoƒo si me woƒo wo ɖokuiwo ɖo la me le anyigba la dzi.

Kakaɖedzitɔe la, Eliya kpɔ mɔ be woawɔe nenema! Ðe Axab hã atrɔ dzi me ahakɔ eɖokui ŋu tso Baal subɔsubɔ ƒe ɖiƒoƒoa mea? Nu siwo dzɔ le ŋkekea me la ɖe susu siwo tae wòle be wòawɔ tɔtrɔ ma la fia. Gake míate ŋu anya tame si bum Axab nɔ le gaƒoƒo ma me o. Ðeko nuŋlɔɖia gblɔ na mí be fia la ‘ɖo tasiaɖam heyina Yezreel.’ Ðe wòsrɔ̃ nane tso nu siwo dzɔ mea? Ðe wòɖoe be yeawɔ tɔtrɔa? Nu siwo va dzɔ kplɔe ɖo ɖee fia be menɔ nenema o. Gake Axab kple Eliya siaa gawɔ nu bubuwo hafi ŋkekea wu enu.

Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa hã dze mɔ si tututu Axab to la dzi. Mɔ legbe aɖe, si wòazɔ to tsidzadza kple viviti si te dodo me lae nye ema le eŋgɔ. Gake nu wɔnuku aɖe dzɔ.

‘Yehowa ƒe asi va Eliya dzi, eye wòbla ali dzi heƒu du dze Axab ŋgɔ va se ɖe Yezreel.’ (Kpukpui 46) “Yehowa ƒe asi” nɔ dɔ wɔm ɖe Eliya dzi le nukumɔ aɖe nu vavã. Yezreel gbɔ didi abe kilometa 30 ene, eye menye sɔhɛ hãe Eliya nye o. * Wò ŋutɔ kpɔe ɖa le susu me ko be nyagblɔɖilaa lé eƒe awu ʋlayaa ƒe agɔmegbɔ hetsɔ sa ɖe eƒe ali dzi ale be eƒe afɔwo navo ɖe dusisi ŋu, eye wòde afɔ du me to mɔ ma si ƒo ba la dzi—enɔ du sim sesĩe ale gbegbe be wòte ŋu va tu fia ƒe tasiaɖam la, to eŋu hegblẽe ɖe megbe ʋĩ!

Yayra ka gbegbee nye esi wònye na Eliya! Nudzɔdzɔ dodzidzɔname aɖe ŋutɔe wònye nɛ be wòase le eɖokui me be ŋusẽ, dzo yeye, kple ŋutete tɔxɛ ɖo ye me, ɖewohĩ wu ale si wònɔ nɛ le eƒe sɔhɛ me gɔ̃ hã. Esia aɖo ŋku kakaɖedzinya siwo le nyagblɔɖinyawo me ku ɖe lãmesẽ deblibo kple dzo yeye si agaɖo nuteƒewɔlawo me le anyigba dzi Paradisoa me la dzi na mí. (Yesaya 35:6; Luka 23:43) Esi Eliya nɔ du sim to mɔ ƒoba ma dzi la, kakaɖedzi nɔ esi be ye Fofo Yehowa, Mawu vavã ɖeka la, ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le ye dzi!

Yehowa dina vevie be yeayra ye subɔlawo. Agbagbadzedze be yayra mawo nasu mía si nye nu nyuitɔ kekeake si míate ŋu awɔ. Abe Eliya ene la, ele be míanɔ mɔkpɔkpɔ me ahalé ŋku ɖe kpeɖodzi sẽŋu siwo ɖenɛ fiana be eteƒe madidi o, Yehowa aɖe afɔ atsɔ ana eƒe lɔlɔ̃nu nava eme le míaƒe ɣeyiɣi vɔ̃ sia si me nuwɔwɔ kpata hiã le la me. Abe Eliya ene la, kpeɖodzi sẽŋuwo li siwo tae wòle be míaka ɖe Yehowa, “Mawu nuteƒetɔ” la dzi bliboe ɖo.—Psalmo 31:6.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 16 Ƒu Gã lae woyɔna egbea be Mediterranea Ƒu la.

^ mm. 17 Hena numeɖeɖewo ku ɖe kpeɖodzi siwo li be Yesu ƒe nya siawo le eme vam egbea ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 9 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 20 Ame aɖewo susuna be Biblia tsi tsitre ɖe eɖokui ŋu le ɣeyiɣi ƒe didime si kuɖiɖia xɔ la gbɔgblɔ me. Kpɔ aɖaka si le axa 19.

^ mm. 23 Esia megbe kpuie la, Yehowa de dɔ asi na Eliya be wòana hehe Elisa, ame si wova nya be eyae “de tsi asi na Eliya.” (2 Fiawo 3:11) Elisa wɔ dɔ abe Eliya ƒe subɔvi ene, eye anɔ eme godoo be ena kpekpeɖeŋu siwo ame tsitsi hiã lae.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 19]

Ɣeyiɣi Didi Kae Eliya Ƒe Ŋkekea Me Kuɖiɖia Xɔ?

Yehowa ƒe nyagblɔɖila Eliya gblɔ na Fia Axab be kuɖiɖi si nɔ anyi ɣeyiɣi didi la awu enu kpuie. Esia va eme “le ƒe etɔ̃lia me”—edze ƒãa be gbe si gbe Eliya ɖe gbeƒã kuɖiɖia la dzie wobui tso. (1 Fiawo 18:1) Esime Eliya gblɔ be Yehowa ana tsi nadza la, eteƒe megadidi hafi Yehowa na wòva eme o. Eya ta ame aɖewo aƒo nya ta be kuɖiɖia wu enu le ƒe etɔ̃lia me, eye be menɔ anyi wòde ƒe etɔ̃ o. Gake Yesu kple Yakobo siaa gblɔ na mí be kuɖiɖia nɔ anyi “ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade.” (Luka 4:25; Yakobo 5:17) Ðe nya siawo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋua?

Kuraa o. Ènyaa, le Israel nyigbaa dzi la, kuɖiɣi didina vie, ete ŋu xɔa ɣleti ade. Ðikeke mele eme o be, esime kuɖiɣia didi wu ale si wokpɔ mɔ nɛ eye enu nɔ sesẽm megbee Eliya yi ɖagblɔ kuɖiɖia ŋu nya na Axab. Ne míagblɔe la, kuɖiɖia dze egɔme abe ɣleti ade ene do ŋgɔ. Eya ta esime Eliya ɖe gbeƒã kuɖiɖia ƒe nuwuwu “le ƒe etɔ̃lia me” tso esime wòɖe gbeƒã eƒe vava la, kuɖiɖia nɔ anyi ade ƒe etɔ̃ kple afã kloe xoxo. “Ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade” ŋutɔŋutɔ de va yi hafi dukɔ bliboa va ƒo ƒu ɖe Kamel To la dzi hena dzotɔtɔ vɔsa ƒe dodokpɔ gã la teƒe kpɔkpɔ.

De ŋugble tso ɣeyiɣi si me Eliya yi Axab gbɔ zi gbãtɔ la ŋu kpɔ. Ɣemaɣi la, dukɔa xɔe se be Baal nye “alilikpowo dola,” mawu si ana tsi nadza bene kuɖiɖia nu natso. Esi kuɖiɣia va nɔ didim wu ale si wònɔna ɖaa la, anɔ eme be amewo nɔ biabiam be: ‘Afi kae Baal yi? Ɣekaɣie wòana tsi nadza?’ Gbeƒã si Eliya ɖe be zãmu kple tsi madza o va se ɖe esime yegblɔe hafi la, anya ku dzi na Baal subɔlawo vevie ŋutɔ.—1 Fiawo 17:1.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Eliya ƒe gbedodoɖawo ɖe ale si wòdi vevie be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme la fia