Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Míado Gbe Ða Na Ame Kɔkɔewoa?

Ðe Wòle Be Míado Gbe Ða Na Ame Kɔkɔewoa?

AME kae li si metsi dzimaɖi eye wòdi be yeagblɔ yeƒe dzimenyawo na ame aɖe si ate ŋu akpe ɖe ye ŋu la kpɔ o? Nu si gbɔ dzimaɖitsitsia tso la ate ŋu ana míadi be míagblɔ míaƒe nyaa na xɔlɔ̃ aɖe si sea veve ɖe ame nu, si hã to nɔnɔme ma tɔgbi me kpɔ. Xɔlɔ̃ si to nu si me tom míele me kpɔ eye wòganye ame si sea veve ɖe ame nu la ƒe nu anyo ame ŋu ŋutɔ.

Ame aɖewo ate ŋu ase le wo ɖokui me nenema ke le gbedodoɖa gome. Le esi teƒe be woado gbe ɖa na Mawu la, wodina boŋ be yewoado gbe ɖa na ame kɔkɔeawo dometɔ ɖeka, elabena wosusuna be Mawu kɔ boo eye ŋɔdzi le eŋu akpa be yewoate ɖe eŋu. Wosusui be esi ame kɔkɔeawo to tetekpɔ kple fukpekpe siwo me amegbetɔwo tona la me kpɔ ta la, woate ŋu ase veve ɖe yewo nu. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo nu vevi aɖe bu na la tea ŋu trɔna ɖe Anthony “Kɔkɔe” si tso Padua (Padoue) si nye ame kɔkɔe si woxɔ se be ekpɔa nu siwo bu alo nu siwo wofi ƒe nyawo gbɔ la ŋu. Ne amewo le gbe dom ɖa ɖe woƒe lã si dze dɔ ta la, wodoa gbe ɖa na Francis (François) “Kɔkɔe” si tso Assisi, eye ne nane dzɔ ɖe amewo dzi eye mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo la, wodoa gbe ɖa na Yuda Tadeo “Kɔkɔe.”

Gake aleke míawɔ aka ɖe edzi nenye be esɔ le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo nu be míado gbe ɖa na ame kɔkɔewo? Esi wònye be gbedodoɖa nye nuƒoƒo na Mawu ta la, ele vevie be míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase si nye: Ðe Mawu ɖoa to míaƒe gbedodoɖawoa? Eye ɖe mele be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia si nye, Aleke Mawu bua gbedodoɖa na ame kɔkɔewoe hã oa?

NYA SI BIBLIA GBLƆ TSO GBEDODOÐA NA AME KƆKƆEWO ŊU

Katolikohaa ƒe nufiafia si nye be ame kɔkɔewo xɔa amewo ƒe nya ɖe akɔ la tae amewo doa gbe ɖa na ame kɔkɔewo ɖo. Le Katolikohaa ƒe numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, susu vevi si le megbe na nufiafia mae nye be “ame aɖe si ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo la nabia eƒe amenuveve na ame si hiã nɛ.” (New Catholic Encyclopedia) Le esia ta, ame si le gbe dom ɖa na ame kɔkɔewo la kpɔa mɔ be Mawu ato wo dzi ave ye nu le esi ɖoƒe tɔxɛ le wo si le Mawu ŋkume ta.

Ðe nya ma wɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia? Ame aɖewo gblɔna be apostolo Paulo ye ɖo nufiafia si nye be woado gbe ɖa na ame kɔkɔewo la gɔme anyi le agbalẽ siwo wòŋlɔ la me. Le kpɔɖeŋu me, eŋlɔ ɖe agbalẽ si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma la me be: “Azɔ mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi kple to gbɔgbɔ la ƒe lɔlɔ̃ me, be miaʋli kpe ɖe ŋunye le gbedodoɖa na Mawu ɖe tanye me.” (Romatɔwo 15:30) Ðe Paulo le biabiam le afi sia be ye hati Kristotɔwo nanye nyaxɔɖeakɔlawo le ye kple Mawu domea? Menye nenemae kura o. Ne nanee la, ke woawo boŋue abia tso Paulo, ame si nye Kristo ƒe apostolo la si be wòaxɔ yewoƒe nya ɖe akɔ le Mawu ŋkume. Ðe Paulo ƒe nyawo fia boŋ be esɔ be míabia tso hati Kristotɔ si be wòado gbe ɖa na Mawu ɖe mía  ta. Nya sia to vovo kura na nufiafia si nye be woado gbe ɖa na ame aɖe si woxɔ se be ele dziƒo la be wòatsɔ míaƒe biabiawo aɖo Mawu ŋkume ɖe mía ta. Nu ka tae?

Le apostolo Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa ƒe nya nu la, Yesu gblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Egblɔ hã be: “Nu sia nu si miabia Fofo la le nye ŋkɔ dzi la, awɔe na mi.” (Yohanes 15:16, Agbenya La) Yesu megblɔ be míado gbe ɖa na ye ŋutɔ eye emegbe yeatsɔ míaƒe nyawo aɖo Mawu ŋkume ɖe mía ta o. Ke boŋ hafi Mawu nase míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míado gbe ɖa na Mawu ŋutɔ to Yesu dzi, ke menye to ame bubu aɖeke dzi o.

Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo biae be wòafia gbedodoɖa yewo la, Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ be, ‘Fofo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.’” (Luka 11:2) Ɛ̃, “ne” míele gbe dom ɖa alo ɣesiaɣi si míele gbe dom ɖa la, ele be míado gbe ɖa na Mawu ŋutɔ, ke menye na Yesu alo ame bubu aɖeke o. Le Yesu ƒe nufiafia sia si me kɔ nyuie nu la, ɖe masɔ be míaƒo nya ta be Mawue wòle be míado gbe ɖa na to Yesu Kristo dzi, ke menye to “ame kɔkɔe” aɖeke dzi oa?

Gbedodoɖa nye míaƒe mawusubɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe, eye eme kɔ ƒãa be le Biblia ƒe nufiafia nu la, mesɔ be míasubɔ ame bubu aɖeke tsɔ wu Mawu o. (Yohanes 4:23, 24; Nyaɖeɖefia 19:9, 10) Esia tae wòle be míado gbe ɖa na Mawu ɖeka ko ɖo.

ÐE WÒLE BE MÍAVƆ̃ BE MÍADO GBE ÐA NA MAWUA?

Le Yesu ƒe Todzimawunyaa me la, ewɔ kpɔɖeŋu ku ɖe ɖevi aɖe si bia fofoa be wòana nuɖuɖu ye la ŋu. Ðe vifofo aɖe ana kpe via be wòaɖu ɖe abolo teƒea? Alo ɖe wòatsɔ da vɔ̃ɖi anae ɖe tɔmelã teƒea? (Mateo 7:9, 10) Dzila lɔ̃ame aɖeke mate ŋu awɔ nu sia o!

Mawu di be míaƒo nu kpli ye abe ale si vi ɖoa dze kple fofoa si lɔ̃nɛ la ene

Na míawɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖi esia. Tsɔe be dzilae nènye eye viwò di be yeabia nu vevi aɖe wò. Èdze agbagba na ƒomedodo nyui le mia kple viwòa dome eye èna wòtea ŋu tena ɖe ŋuwò bɔbɔe hafi. Ke hã esi wòsusui vodadatɔe be àva do dziku ta la, ebia tso ame bubu aɖe si be wòatsɔ yeƒe biabiaa aɖo ŋkuwòme. Aleke nàse le ɖokuiwò me? Ke ne eva zu numame nɛ be ɣesiaɣi si wòabia nane wò ko la, ame ma dzi koe wòtona eye edze ƒãa be eɖoe be yeayi edzi anɔ ewɔm nenema ɖe? Ðe nàkpɔ dzidzɔ ɖe ɖoɖo ma ŋua? Kura o! Dzila lɔ̃amewo dina be yewo viwo ŋutɔwo nate ɖe yewo ŋu bɔbɔe eye woabia nu si hiã wo la yewo faa.

Esi Yesu nɔ eƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe ɖevi si le nuɖuɖu biam ŋu la me ɖem la, egblɔ na ameha la be: “Eya ta ne mi ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã, mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?” (Mateo 7:11) Ðikekemanɔmee la, dzilawo dina vevie be yewoana nu nyuiwo yewo viwo. Mía Fofo si le dziƒo la dina vevie wu gɔ̃ hã be yease míaƒe gbedodoɖawo ahaɖo wo ŋu.

Mawu dina be míado gbe ɖa na ye ŋutɔ, ne míaƒe vodadawo do agba ɖe mía dzi gɔ̃ hã. Mede dɔ asi na ame aɖeke be wòanɔ míaƒe gbedodoɖawo sem na ye o. Biblia de dzi ƒo na mí be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò.” (Psalmo 55:23) Le esi teƒe be míanɔ ŋu ɖom ɖe ame kɔkɔewo alo ame bubu aɖe ŋu be wòaxɔ míaƒe nyawo ɖe akɔ la, anyo be míaka ɖe edzi boŋ be Yehowa Mawu di be míate ɖe ye ŋu faa ado gbe ɖa na ye.

Mía Fofo si le dziƒo la tsɔa ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Edina be yeakpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ eye ele mía kpem be míate ɖe ye ŋu. (Yakobo 4:8) Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be mɔnukpɔkpɔ su mía si be míate ɖe mía Mawu kple mía Fofo, si nye ‘Gbedodoɖasela’ la ŋu ado gbe ɖa nɛ!—Psalmo 65:3.