Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 DZEÐOÐO KPLE AƑELIKA

Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Míaƒe Fukpekpewo Mea?

Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Míaƒe Fukpekpewo Mea?

Na míakpɔ ale si Yehowa Ðasefowo ɖoa dze kple amewoe la ƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖa. Tsɔe be Ðasefo si ŋkɔe nye Fafa va nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Dzigbɔɖi gbɔ le eƒe me.

NU KA TAE MAWU ÐE MƆ NU SIA DZƆ?

Fafa: Mele trakt sia mam na ame sia ame le nutoa me. Eƒe tanyae nye Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa? Tɔwòe nye esi.

Dzigbɔɖi: Mawunyagbalẽ yea?

Fafa: Ɛ̃. Kpɔ nyabiase ade siwo woŋlɔ ɖe edzi ɖa. Nyabiase siawo dometɔ kae nàdi be—

Dzigbɔɖi: Wò ya tɔ, ema nyo. Wò ɣeyiɣi ko nàgblẽ dzodzro.

Fafa: Meɖe kuku, nu ka tae nègblɔ nenema?

Dzigbɔɖi: Nyaa koe nye be, nyemeka ɖe edzi be Mawu li o.

Fafa: Edzɔ dzi nam be ègblɔ wò dzimenya siawo nam. Meɖe kuku mabia lo, tso ɖevime kee mexɔ Mawu dzi se oa?

Dzigbɔɖi: Ao, menɔ sɔleme dem tso ɖevime. Gake ɣeyiɣi didi aɖee nye esia nyemegadena o.

Fafa: Eme kɔ. Oo, meŋlɔ be nyemeɖe ɖokuinye hã fia wò o. Ŋkɔnyee nye Fafa.

Dzigbɔɖi: Nye hã ŋkɔnyee nye Dzigbɔɖi.

Fafa: Davi Dzigbɔɖi, edzɔ dzi nam be míedo go egbea.

Dzigbɔɖi: Ke wòezɔ.

Fafa: Menye nye taɖodzinue nye be mazi nye dzixɔsewo ɖe dziwò o. Meɖe kuku mabia lo, nane gbɔe wòtso be mègaka ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi oa?

Dzigbɔɖi: Ɛ̃. Ƒe 17 ye nye esia esi danye kpɔ ʋufɔku vevie.

Fafa: Oo, baba na wò. Ete ŋu tsi agbe fia?

Dzigbɔɖi: Ɛ̃, gake eƒe atawo tu eye wòtsi teƒe ɖeka tso ɣemaɣi.

Fafa: Ewɔ nublanui ŋutɔ! Nudzɔdzɔ sia agbã dzi na wò vavã.

Dzigbɔɖi: Nyateƒee. Esia na mebiaa ɖokuinye be ne ɖe Mawu li vavã la, nu ka tae wòɖe mɔ nu sia dzɔ? Nu ka tae wòaɖe mɔ míanɔ fu kpem alea?

NU GBEGBLẼE WÒNYE BE NÀBIA BE NU KA TAE HÃ?

Fafa: Ale si nèle sesẽm le ɖokuiwò me la le eteƒe. Ne míele fu kpem la, naneke megblẽ le eŋu ne míebia be nu ka tae míele fu kpem hã o. Le nyateƒe me la, ŋutsu kple nyɔnu mawusubɔla wɔnuteƒe aɖewo hã bia nya siawo tɔgbi kpɔ!

Dzigbɔɖi: Nyateƒea?

Fafa: Ɛ̃. Àdi be matsɔ nya siwo wo dometɔ ɖeka gblɔ la fia wòa?

Dzigbɔɖi: Faa.

Fafa: Se nya si nyagblɔɖila Xabakuk bia Mawu, si woŋlɔ ɖe Xabakuk ta 1, kpukpui 2 kple 3 ɖa: “Yehowa, ɣekaɣi manɔ yɔwòm sesĩe, eye nàgbe esese ase ɖo? Mado ɣli na wò le ŋutasesẽ ta, ke màxɔ na ame o? Nu ka ŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm?” Ðe nyabiase siawo mesɔ kple tɔwòa oa?

Dzigbɔɖi: Ɛ̃, esɔ kplii.

Fafa: Mawu medo dziku ɖe Xabakuk ŋu, alo gblɔ nɛ be esi xɔse mele esi o tae wòbia nya mawo ɖo o.

Dzigbɔɖi: Ɛɛ̃!

MEDZƆA DZI NA YEHOWA BE WÒAKPƆ AMEWO WOANƆ FU KPEM O

Fafa: Biblia gblɔ be Mawu nya míaƒe fukpekpewo nyuie eye wòtsɔ ɖe le eme na mí.

Dzigbɔɖi: Èka ɖe edzia?

Fafa: Na matsɔ eƒe kpeɖodzi ɖeka fia wò le 2 Mose 3:7. Àdi be yeaxlẽa?

Dzigbɔɖi: Makpɔe ɖa. Exlẽ be: “Eye Yehowa gagblɔ be: “Mekpɔ nye dukɔ si le Egipte la ƒe fukpekpe  la keŋ, eye mese ɣli si dom wole le ame siwo zia wo dzi be woawɔ dɔ la ta; menya fu siwo kpem wole la nyuie.” (NW)

Fafa: Akpe na wò. Le mawunyakpukpui sia ƒe nya nu la, ɖe Mawu nya fu si kpem eƒe dukɔ Israel lea?

Dzigbɔɖi: Ɛ̃, edze nenema.

Fafa: Azɔ hã, menye ɖeko wònya fu si kpem wole la ko evɔ o. Gakpɔ mawunyakpukpuia ƒe nuwuƒea ɖa. Mawu gblɔ be: “Menya fu siwo kpem miele la nyuie.” Ðe nya mawo fia be Mawu mesea veve ɖe ame nu o eye metsɔa ɖeke le eme na ame oa?

Dzigbɔɖi: Ao.

Fafa: Ate ŋu adzɔ be ame aɖe nanya nu tso ame bubu ƒe fukpekpewo ŋu gake matsɔ ɖeke le eme alo awɔ naneke tso eŋu o.

Dzigbɔɖi: Nyateƒee nèto.

Fafa: Esi nya mawo le susu me na wòa, na míagaxlẽ nu tso ɣebubuɣi si Mawu ƒe dukɔa nɔ fu kpem ŋu. Ele Yesaya 63:9. Mawunyakpukpuia ƒe akpa gbãtɔ gblɔ be: “Le woƒe xaxawo katã me la, eya hã xaxa.” (NW) Ðe fu si kpem Mawu ƒe dukɔa le la te ɖe edzia?

Dzigbɔɖi: Ɛ̃, mekpɔe nenema.

Fafa: Davi, nyateƒeae nye be: Mawu tsɔ ɖe le eme na mí vevie eye etena ɖe edzi ne míele fu kpem. Ne míele veve sem la, eya hã sea veve.

NU KA TAE MAWU GBƆ DZI ÐI ETEƑE DIDI ALEA?

Fafa: Medi be magaxlẽ mawunyakpukpui ɖeka na wò hafi madzo.

Dzigbɔɖi: Enyo.

Fafa: Eku ɖe nya si Biblia gblɔ tso Mawu ƒe ŋusẽ ŋu la ŋu. Yeremiya 10:12 ye le susu me nam. Àxlẽe kpɔa?

Dzigbɔɖi: Ɛ̃, maxlẽe. Exlẽ be: “Eyae nye ame si tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba, etsɔ eƒe nunya ɖo xexea me te, eye wòtsɔ eƒe sidzedze keke dziƒo me.”

Fafa: Akpe na wò. Na míade ŋugble tso mawunyakpukpui sia ŋu vie. Mèkpɔe be Mawu zã ŋusẽ geɖe le xexe gbahoo sia kple eme nu gbogboawo wɔwɔ me oa?

Dzigbɔɖi: Mekpɔe nenema.

Fafa: Ne ŋusẽ le Mawu si wòwɔ nu siawo katã ɖe, ɖe masɔ be míakpɔ mɔ be ŋusẽ le esi be wòaɖe míaƒe fukpekpewo ɖa oa?

Dzigbɔɖi: Ɛ̃.

Fafa: Gade ŋugble tso dawò ƒe nyaa ŋu kpɔ. Nu ka tae fu si kpem wòle la tena ɖe dziwò?

Dzigbɔɖi: Elabe melɔ̃e. Danyee wònye.

Fafa: Ne ɖe ŋusẽ le asiwò be nàna dawòa ƒe lãme nasẽ ɖe, màwɔe oa?

Dzigbɔɖi: Ne mewɔe xoxoxo.

Fafa: Ke bu nya sia ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be Mawu nya míaƒe fukpekpewo, esea veve ɖe mía nu, eye ŋusẽ geɖe le esi. Wò ya bu ɣeyiɣi didi si Mawu tsɔ nɔ míaƒe fukpekpewo teƒe kpɔm gake ɖeko wòhiã be wòaɖu eɖokui dzi ahalala ŋu kpɔ!

Dzigbɔɖi: Nyemebu eŋu alea kpɔ o.

Fafa: Ðe wòanye be susu nyui aɖe li si tae Mawu meɖe míaƒe fukpekpewo ɖa haɖe oa? *

Dzigbɔɖi: Hũu, anɔ eme nenema.

Fafa: Ewɔ abe ame aɖe le ka ƒom na wò, mese wò telefon ƒe ɖiɖi, míase dzeɖoɖoa ɖe afi sia ɣebubuɣi matrɔ ava míayi edzi.

Dzigbɔɖi: Akpe na wò. Manɔ mɔ kpɔm na wò. *

Ðe Biblia ƒe nufiafia aɖewo gɔmesese sesẽna na wòa? Ðe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse alo woƒe subɔsubɔnuwɔna aɖe li si gɔme nàdi be yeasea? Ne wò ŋuɖoɖoa nye ɛ̃ la, ekema míade dzi ƒo na wò be nàte ɖe wo dometɔ ɖeka ŋu faa. Adzɔ dzi na wo be yewoadzro eme kpli wò.

^ mm. 61 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 11 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 64 Míadzro nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la me le “Dzeɖoɖo Kple Aƒelika” ƒe nyati bubu si míata emegbe la me.