Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Taɖodzinu ka tae Kristo atrɔ agbɔ ɖo?

Hafi Yesu Kristo nayi dziƒo le ƒe 33 M.Ŋ. (Mía Ŋɔli) me la, edo ŋugbe be yeagatrɔ agbɔ. Etsɔ eɖokui sɔ kple ame ŋkuta aɖe si zɔ mɔ didi aɖe eye wòtrɔ gbɔ kple ŋusẽ abe fia ene. Taɖodzinu si tae Yesu atrɔ agbɔ ɖoe nye be wòaɖu amegbetɔƒomea dzi le dzɔdzɔenyenye me.Xlẽ Luka 19:11, 12.

Yesu aɖu amegbetɔƒomea dzi le dzɔdzɔenyenye me

Nɔnɔme ka mee Kristo atrɔ agbɔ le? Wofɔ Yesu ɖe tsitre wònye gbɔgbɔ makpɔmakpɔ. (1 Petro 3:18) Eyome eyi dziƒo eye wònɔ Mawu ƒe ɖusime. (Psalmo 110:1) Le ɣeyiɣi geɖe megbe la, wokplɔ Yesu yi Yehowa Mawu, “Ame si li tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke,” la ŋkume, eye wòna ŋusẽ Yesu be wòaɖu amegbetɔƒomea dzi. Eya ta Yesu trɔ gbɔ abe Fia makpɔmakpɔ ene, ke menye abe amegbetɔ ene o.Xlẽ Daniel 7:13, 14.

Nu kae Yesu awɔ ne eva ɖo?

Ne Yesu va ɖo kple eƒe dɔlawo la, adrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔƒomea. Ɣemayi la, míakpɔe kple ŋku o. Atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo, gake ana agbe mavɔ ame siwo abɔbɔ ɖe eƒe fianyenye te.Xlẽ Mateo 25:31-33, 46.

Ne Yesu Fia la va le anyigba dzi ɖum la, woatrɔ anyigbaa wòazu paradiso. Afɔ ame kukuwo ɖe tsitre ale be woanɔ agbe le anyigba dzi ase vivi le Paradisoa me.Xlẽ Luka 23:42, 43.