Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Wotsɔ Biblia Ðo Nye Biabiawo Katã Ŋu Nam!

Wotsɔ Biblia Ðo Nye Biabiawo Katã Ŋu Nam!
  • ƑE SI ME WODZII: 1950

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: SPAIN

  • AME SI WÒNYE TSÃ: NYƆNU SAÐEAGAXƆMENƆLA

NYE ŊUTINYA:

Esime wodzim la, dzinyelawo nɔ agble sue aɖe dzi le kɔƒenuto aɖe me le Galicia, le Spain ƒe dzieheɣetoɖoƒe. Mí ame anyi ye wodzi, eye nyee nye enelia. Ƒome kpɔdzidzɔ aɖe mee míenɔ. Ɣemaɣi la, enye nu si bɔ le Spain be ame ɖeka teti le ƒomea me naɖu fada alo sista. Míaƒe ƒomea me tɔ etɔ̃ ye ɖe afɔ sia.

Esi mexɔ ƒe 13 la, meyi ɖanɔ saɖeagaxɔ si me nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ nɔ la me le Madrid. Ðeko teƒea nɔ yaa, dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke menɔ afi ma o. Xɔlɔ̃wɔwɔ kple dzidzɔdonameɖokui ƒe ɖoɖo aɖeke meli o, nu siwo ŋu míetsia dzi ɖo koe nye gbedodoɖa kple sedziwɔwɔ. Le ŋdi kanya la, míeƒoa ƒu ɖe gbedoxɔa me hena ŋugblemeyiyi, gake zi geɖe la, nyemedea ŋugble le naneke ŋu o. Eyome míedzia sɔlemehawo hewɔa Misa. Latingbe mee míewɔa nu siawo katã le. Nyemesea naneke gɔme o. Ðeko wòwɔ nam abe ɖe Mawu le adzɔge ʋĩi tso gbɔnye ene. Míeɖoa dze gobi aɖeke hã o. Ne mía kple nɔvinyenyɔnua míedo go la, nya si míegblɔna na mía nɔewo koe nye, “Woakafu Maria kɔkɔe.” Gaƒoƒo afã koe woɖea mɔ na mí be míatsɔ aɖo dze le nuɖuɖu vɔ megbe. Aleke gbegbe agbea to vovo sãa na ale si menɔa dzidzɔ kpɔm le aƒee nye esi! Mese le ɖokuinye me be metsi akogo eye mefaa avi zi geɖe.

Togbɔ be nyemese le ɖokuinye me kpɔ be mía kple Mawu dome le kplikplikpli o hã, meɖe adzɔgbe zu sista esime mexɔ ƒe 17. Medze agbagba wɔ nu si wodi tso asinye, gake esia megbe kpuie ko la, meva nɔ ɖokuinye biam be Mawue yɔm vavã hã. Nyɔnu saɖeagaxɔmenɔlawo gblɔna be ame siwo kea ɖi alea la ayi dzo mavɔ me! Ke hã, meganɔ ɖi kem kokoko. Menyae be Yesu Kristo meɖe eɖokui ɖe aga o, ke boŋ edo vevie nufiafia kple kpekpeɖeŋunana amewo. (Mateo 4:23-25) Esi mexɔ ƒe 20 la, nyemegakpɔ susu aɖeke si tae mayi edzi anye sista o. Nukutɔe la, nyɔnu si nɔ mía nu la gblɔ nam be ne ɖikeke le menye la, ke anyo be madzo kaba boŋ. Ewɔ nam be  esi wònɔ vɔvɔ̃m be mava ɖe dzi le ame bubuwo ƒo tae. Eya ta medzo le saɖeagaxɔa me.

Esi metrɔ yi aƒe la, dzinyelawo se nu gɔme nam ŋutɔ. Gake esi wònye be dɔ menɔ kɔƒea me mawɔ o ta la, meʋu yi ɖatsi nɔvinyeŋutsuawo dometɔ ɖeka gbɔ le Germany. Enɔ Spaintɔ siwo le duta la ƒe Kɔmiunist habɔbɔ aɖe me. Ame siawo siwo ʋlia nyɔnuwo kple dɔwɔlawo ƒe gomenɔamesiwo ta la dome nɔnɔ dze eme nam. Eya ta meva zu Kɔmiunisttɔ eye meɖe habɔbɔa me tɔ ɖeka. Mesusui be menɔ nu si ŋu viɖe le wɔm, memaa Kɔmiunisttɔwo ƒe agbalẽwo hekpɔa gome le gbɔlɔlɔwo me.

Ke hã, dzi gava ɖe le ƒonye. Mekpɔe be zi geɖe la, Kɔmiunisttɔwo ŋutɔwo hã menɔa agbe ɖe nya siwo wogblɔna la nu o. Nye dziɖeleameƒoa nu gava sẽ ɖe edzi le ƒe 1971 me esi sɔhɛ siwo le míaƒe habɔbɔa me la dometɔ aɖewo yi ɖatɔ dzo Spain ƒe Dziɖuɖuteƒenɔla ƒe dɔwɔƒe si nɔ Frankfurt la. Wowɔ esia be yewoatsɔ aɖee afia be yewomekpɔ ŋudzedze ɖe nu madzɔmadzɔ siwo nɔ edzi yim le Spain ƒe ŋutasẽdziɖuɖua te la ŋu o. Gake mekpɔe be mɔ si dzi woto ɖe woƒe dzikua fiae la mesɔ o.

Esi míedzi mía vi gbãtɔ la, megblɔ na srɔ̃nye be madzudzɔ Kɔmiunisttɔwo ƒe kpekpewo dede. Esi medzudzɔ la, meva tsi akogo, le esi xɔ̃nye Kɔmiunisttɔ aɖeke meva srã mía kple vidzĩa kpɔ o ta. Mede ŋugble tso tameɖoɖo si le agbea ŋu la ŋu. Ðe viɖe aɖe le agbagba siwo katã dzem menɔ be mana nuwo nanyo ɖe edzi na amewo la ŋua?

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Le ƒe 1976 me la, Ðasefo eve siwo nye Spaintɔwo la va mía ƒe me eye wona Biblia srɔ̃gbalẽ aɖewom. Esi wogatrɔ va la, mebia nya geɖe wo ku ɖe fukpekpe, vovototodedeameme kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu. Ewɔ nuku nam be wotsɔ Biblia ɖo nye biabiawo katã ŋu nam! Melɔ̃ enumake be woava nɔ Biblia srɔ̃m kplim.

Le gɔmedzedzea la, nu yeye siwo srɔ̃m menɔ la koe nɔ vevie nam. Gake nuwo va trɔ esi mía kple srɔ̃nye míedze kpekpewo dede gɔme le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me. Vi evee nɔ mía si ɣemaɣi. Ðasefoawo va kɔa mí yia kpekpeawo eye woléa be na mía viwo ne kpekpea le edzi yim. Ðasefowo ƒe nu va lé dzi nam.

Ke hã meganɔ ɖi kem kokoko le mawusubɔsubɔnyawo ŋu. Meyi ɖasrã ƒonyemetɔwo kpɔ le Spain. Tɔnyeɖia, si nye nunɔla la dze agbagba be yeaɖe dzi le ƒonye ne madzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃. Gake Ðasefo siwo nɔ nutoa me la de dzi ƒo nam ŋutɔ. Wotsɔ Biblia ɖo nye biabiawo ŋu nam abe ale si ko Ðasefo siwo le Germany la hã wɔe ene. Meɖoe kplikpaa be mayi Biblia sɔsrɔ̃a dzi ne metrɔ yi Germany. Togbɔ be srɔ̃nye dzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃ hã la, nye ya meyi edzi. Le ƒe 1978 me la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Biblia me nyateƒe si mesrɔ̃ la fia mɔm le agbe me eye wòna taɖodzinu le nye agbe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, 1 Petro 3:1-4 de dzi ƒo na srɔ̃nyɔnuwo be ‘woabɔbɔ wo ɖokui’ na wo srɔ̃wo le “bubu deto” me, eye ‘gbɔgbɔ fatu si ŋu asixɔxɔ gã le le Mawu ŋkume’ la nanɔ wo si. Mɔfiame mawo kpe ɖe ŋunye mezu srɔ̃nyɔnu kple vidada nyui.

Ƒe 35 ye nye esi va yi tso esime mezu Ðasefo. Dzi le dzɔyem be mele xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si me tɔwo subɔa Mawu la dome eye be vinye atɔ̃awo dometɔ ene hã ɖe afɔ sia ke.