Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nàtsi Le Atsyɔ̃ɖoɖo Me Ahase Vivi Nɛ

Ale Si Nàtsi Le Atsyɔ̃ɖoɖo Me Ahase Vivi Nɛ

ALEKE nèsena le ɖokuiwò me ne èbu tsitsi ŋu? Enana ame geɖe tsia dzimaɖi, wotsia dzodzodzoe, eye edzia ŋɔ na wo gɔ̃ hã. Nu si tae nye be amewo bua tsitsi zi geɖe be kuxi sɔŋ koe wòhena vanɛ. Kuxiawo dometɔ aɖewoe nye ayiléle, gbɔdzɔgbɔdzɔ, nuŋlɔbe kple dɔléle enuenu.

Ke hã nyateƒeae nye be, ame sia ame ƒe tsitsi metoa mɔ ɖeka o. Ame aɖewo nɔa lãmesẽ me ne wole tsitsim; ŋusẽ nɔa wo ŋu eye woƒe susu hã nɔa nu ŋu. Ŋgɔyiyi le atikewɔnyawo me wɔe be ame aɖewo te ŋu da dɔléle si le fu ɖem na wo alo wote ŋu lé dɔmavɔleameŋuwo nu vie. Esia wɔe be le dukɔ aɖewo me la, ame geɖe nɔa agbe didi eye wonɔa lãmesẽ me.

Ke hã tsitsimekuxiwo va alo womeɖa va o, ame geɖe dina be yewoatsi le atsyɔ̃ɖoɖo me ahase vivi nɛ. Aleke esia anya wɔe? Eƒe akpa aɖe atso ale si míebua tsitsii, míaƒe ŋutete kple lɔlɔ̃ faa be míatrɔ ɖe míaƒe nɔnɔme yeyea ŋu la gbɔ. Biblia ƒe mɔfiame bɔbɔe siwo dzi wɔwɔ ɖea vi la li akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia. Na míadzro wo dometɔ aɖewo me kpɔ.

NYA WÒ ŊUTETE: “Ame siwo nyaa afi si woƒe ŋutete se ɖo la si mee nunya le.” (Lododowo 11:2) Le nya si me dzrom míele nu la, ‘ame siwo nya woƒe ŋutete’ ate ŋu afia ame tsitsi siwo de dzesi afi si woƒe ŋutete se ɖo helɔ̃ ɖe edzi eye womedzea agbagba be yewoaŋe aɖaba aƒu edzi o. Charles, si xɔ ƒe 93, si le Brazil la gblɔe wòsɔ nyuie be: “Ne èle agbe didi la, àtsi godoo. Màte ŋu awɔ naneke le eŋu o.”

Ke hã be nànya afi si wò ŋutete se ɖo mefia be nàbui be wɔna vɔ le ye ŋu ahanɔ susum be, “Fifia metsi, eye naneke megali mate ŋu awɔ o.” Nuŋububu alea ate ŋu awɔe be mànɔ dzidzɔ kpɔm o. Lododowo 24:10 gblɔ be: “Ne dzi ɖe le ƒowò le xaxagbe la, ekema wò ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ.” Le esia teƒe la, ame si nya afi si eƒe ŋutete se ɖo la wɔa nu sia nu si wòate ŋui be nɔnɔme si me wòle nàɖe vi nɛ.

Corrado, si xɔ ƒe 77, si le Italy la gblɔe nyuie be: “Ne èle tsitsim la, ehiã be nàɖe nu siwo nèwɔna tsã la dzi kpɔtɔ.” Ɛ̃, ne ame le tsitsim la, ehiã be wòawɔ tɔtrɔ siwo hiã. Corrado kple srɔ̃a wofɔ aye na aƒemedɔwo wɔwɔ ale gbegbe be womenana ɖoɖo si dzi wozɔna ɖo la tea ɖeɖi wo ŋu fũu akpa o, ale be ŋusẽ nagavɔ le wo ŋu hafi zã nado o. Marian, si xɔ ƒe 81, si le Brazil hã ɖe eƒe dɔwɔnawo dzi kpɔtɔ esi wòle tsitsim. Egblɔ be: “Meva nya dɔ agbɔsɔsɔme si mate ŋu awɔ. Ne ɖeɖi te ŋunye la, meɖina ɖe eme vie. Menɔa anyi alo mlɔa anyi be maxlẽ nu alo ase haƒoƒo. Meva lɔ̃ ɖe edzi be nyemagate ŋu awɔ nu siwo mewɔna tsã o.”

Da sɔ

DA SƆ: ‘Nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me.’ (1 Timoteo 2:9) Nyagbɔgblɔ si nye “nado awu ɖe nɔnɔme nyui me” fia dadasɔ kple dzadzraɖo nyuie. Barbara, si xɔ ƒe 74, si le Canada la, gblɔ be: “Medzea agbagba be mado awu nyuie ahanɔ dzadzɛ. Nyemedi be mado awu ɖewoɖewoe ahanɔ abe ame siwo gblɔna be, ‘Metsi; eya ta mehiã be magatsi dzi ɖe dzadzraɖo ŋu o’ la ene o.” Fern, si xɔ ƒe 91, si le Brazil la gblɔ be: “Meƒlea awu ʋɛ aɖewo ɣeaɖewoɣi tsɔ doa dzidzɔ na ɖokuinye.” Ke ŋutsu tsitsiwo ya ɖe? Antônio, si xɔ ƒe 73, si le Brazil la gblɔ be: “Medzea agbagba be nye dzedzeme nanya kpɔ ɣesiaɣi, eya ta medoa awu siwo kɔ hele dzadzɛ.” Le beléle na ameɖokui gome la, egblɔ be: “Melea tsi helũa ge gbe sia gbe.”

Gake mehiã be nàtsi dzi ɖe wò dzedzeme ŋu ale gbegbe be nàdo kpo nuwɔwɔ ‘le ŋuɖɔɖo me’ o. Bok-im, si xɔ ƒe 69, si le South Korea la da sɔ le awudodo me. Egblɔ be: “Menyae nyuie be masɔ kura be mado awu siwo medona tsã esime menye ɖetugbui o.”

Nye dzidzɔme

NYE DZIDZƆME: “Ame si le fu kpem la ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃, ke ame si ƒe dzi le dzidzɔ kpɔm la tua aglo ɣesiaɣi.” (Lododowo 15:15) Esi nèle tsitsim la, ne èɖo ŋku ɣeyiɣi siwo me nènye ɖetugbui alo ɖekakpui, esime ŋusẽ nɔ ŋuwò eye nètea ŋu wɔa nu geɖe dzi la, ate ŋu ate ɖe dziwò. Gɔmesese le esia ŋu. Ke hã dze agbagba be seselelãme mawo nagaɖu dziwò o. Tsã ŋkekewo ŋu bubu ate ŋu awɔe be mànɔ dzidzɔ kpɔm o, eye dzi aɖe le ƒowò ale gbegbe be màte ŋu awɔ nu siwo wòle be nàwɔ o. Joseph, si xɔ ƒe 79, si le Canada, la gblɔe nyuie be: “Medzea agbagba sea vivi na nu siwo mate ŋu awɔ eye nyemexaa nu le nu siwo mewɔna tsã, siwo nyemate ŋu awɔ fifia o, la ta o.”

Nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ ate ŋu ana wò susu nanɔ nu nyuiwo kple nu yeyewo ŋu. Eya ta ne anya wɔ la, wɔ nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo le ʋuʋu ɖi la ŋu dɔ be nàsrɔ̃ nu yeyewo. Ernesto, si xɔ ƒe 74, si le Philippines la yia agbalẽdzraɖoƒe ɖadia agbalẽ nyui siwo wòate ŋu axlẽ. Egblɔ be: “Edzɔa dzi nam be mate nu yeyewo kpɔ, eye metoa nuxexlẽ dzi nyaa nu tso teƒe siwo nyemate ŋu azɔ mɔ ayi o la ŋu.” Lennart, si xɔ ƒe 75, si le Sweden la dze dɔ aɖe, si mele bɔbɔe o, si nye gbe bubu sɔsrɔ̃, gɔ̃ hã gɔme.

Nyo dɔme

NYO DƆME: “Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi.” (Luka 6:38) Zã wò nunɔamesiwo kple wò ɣeyiɣi wòaɖe vi na amewo; na esia nazu numame na wò. Esia ana nàkpɔe be yewɔ nu nyui aɖe, eye ana dzi nadzɔ wò. Hosa, si xɔ ƒe 85, si le Brazil la ɖoe be yeana kpekpeɖeŋu amewo togbɔ be lãmesẽ mede edzi o hã. Egblɔ be: “Meƒoa ka na xɔ̃nye siwo dze dɔ alo esiwo ƒo dzi ɖe le, eye meŋlɔa lɛta ɖo ɖe wo. Ɣeaɖewoɣi la, meɖoa nunana suewo ɖe wo. Edzɔa dzi nam hã be maɖa nu alo awɔ numeɖenu aɖe na ame siwo dze dɔ.”

Ne míenyo dɔme na amewo la, eʋãa wo be woawo hã nanyo dɔme na ame. Jan, si xɔ ƒe 66, si le Sweden la gblɔ be: “Ne èwɔ nu ɖe amewo ŋu lɔlɔ̃tɔe la, aʋã wo woawɔ nu ɖe ŋuwò lɔlɔ̃tɔe, eye woatsɔ ɖe le eme na wò.” Ɛ̃, dɔmenyola nana ame siwo dome wòle la kpɔa dzidzɔ.

WƆ XƆLƆ̃: “Ame sia ame si ɖea eɖokui ɖe aga la le eya ŋutɔ ƒe nudzodzrowo yome tim; etsia tre ɖe nunyawo katã ŋu.” (Lododowo 18:1) Togbɔ be àdi be ye ɖeɖe yeanɔ anyi ɣeaɖewoɣi hã la, ƒo asa na ɖokuiɖeɖe ɖe aga. Innocent, si xɔ ƒe 72, si le Nigeria la lɔ̃a xɔlɔ̃wo dome nɔnɔ. Egblɔ be: “Melɔ̃ hadede kple ɖeviwo kple tsitsiawo siaa.” Börje, si xɔ ƒe 85, si le Sweden la gblɔ be: “Medzea agbagba be manɔ sɔhɛwo dome. Dzo si le wo me nana dzo gaɖoa menye le ememe, abe sɔhɛ ene.” Tso le ɖokuiwò si nàwɔ ɖoɖo anɔ xɔlɔ̃wo kpem ɣeaɖewoɣi. Han-sik, si xɔ ƒe 72, si le South Korea la gblɔ be: “Edzɔa dzi na nye kple srɔ̃nye be míakpe mía xɔlɔ̃wo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, be míaɖu nu ɖekae.”

Wɔ xɔlɔ̃

Ame siwo ɖoa dze nyuie lae wɔa xɔlɔ̃ nyuie. Gake esi wònye be ame evee ɖoa dze ta la, ɖewohĩ ahiã be nàdze agbagba anye ame si gbɔ nɔnɔ doa dzidzɔ na ame. Eya ta tsɔ ɖe le eme na amewo. Helena, si xɔ ƒe 71, si le Mozambique la gblɔ be: “Melɔ̃a amewo eye medea bubu wo ŋu. Meɖoa to sea nya si gblɔm wole ale be manya ale si wobua nu ŋui kple nu si wolɔ̃na.” José, si xɔ ƒe 73, si le Brazil la gblɔ be: “Amewo lɔ̃a ame siwo ɖoa to nyuie, ame siwo sea veve ɖe ame nu, ame siwo tsɔa ɖe le eme na ame, siwo kafua ame ne esɔ nenema hedoa nukokoe na ame la gbɔ nɔnɔ.”

Ne èle wò susuwo gblɔm la, dze agbagba be ‘dze nanɔ nya si gblɔm nèle la me.’ (Kolosetɔwo 4:6) Bu ameawo ƒe nɔnɔmewo ŋu nyuie eye wò nya nade dzi ƒo na wo.

NYE AKPEDALA: “Minye akpedalawo.” (Kolosetɔwo 3:15) Ne ame aɖe na kpekpeɖeŋu wò la, da akpe ɖe eƒe ɖetsɔlemea ta. Akpedada nana amewo dome vivina. Marie-Paule, si xɔ ƒe 74, si le Canada la gblɔ be: “Nyitsɔ laa la, nye kple srɔ̃nye míeʋu yi aƒe bubu me. Mía xɔlɔ̃ gbogbo aɖewo kpe asi ɖe mía ŋu. Míate ŋu ada akpe na wo wòade edeƒe o. Míeɖo akpedagbalẽvi tɔxɛ ɖe wo, eye tso ɣemaɣi la, míekpe wo dometɔ aɖewo wova ɖu nu kpli mí.” Edoa dzidzɔ na Jae-won, si xɔ ƒe 76, si le South Korea la be exɔlɔ̃wo kɔnɛ ɖe ʋu me yia Fiaɖuƒe Akpata me. Egblɔ be: “Kpekpeɖeŋu si xɔ̃nyewo nanam la doa dzidzɔ nam ale gbegbe be meɖoe be manɔ gakpekpeɖeŋu aɖe nam be woatsɔ anɔ ami dzem ɖe ʋua me. Ɣeaɖewoɣi la, menaa nunana sue aɖe wo heŋlɔa akpedanya aɖe kpena ɖe eŋu.”

Ƒo wo katã ta la, da akpe ɖe agbe si nèle ta. Nunyala Fia Salomo ɖo ŋku edzi na mí be: “Avu gbagbe nyo wu dzata kuku.” (Nyagblɔla 9:4) Ɛ̃, ne susu nyui le asiwò ɖe tsitsi ŋu eye nèlɔ̃na faa wɔa tɔtrɔ siwo hiã la, anya wɔ be nàtsi le atsyɔ̃ɖoɖo me ahase vivi nɛ.

Nye akpedala