Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | AME KAWOE YEHOWA ÐASEFOWO NYE?

Afi Kae Míekpɔa Ga Le Na Míaƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ?

Afi Kae Míekpɔa Ga Le Na Míaƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ?

Ƒe sia ƒe la, míetaa Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ miliɔn alafa geɖe hemaa wo. Míetua alɔdzedɔwɔƒewo kple agbalẽtaƒewo ɖe dukɔ vovovowo me hekpɔa dɔ siwo yia edzi le teƒe mawo la dzi. Hame akpe geɖe kpena le tadeaguƒe siwo nya kpɔ gake womeɖo atsyɔ̃ na wo fũu o, siwo míeyɔna be Fiaɖuƒe Akpatawo la me. Afi kae míekpɔa ga le na esiawo katã wɔwɔ?

Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo koe míezãna tsɔ doa alɔ dɔ siawo. (2 Korintotɔwo 9:7) Le ƒe 1879 me la, wogblɔ le magazine sia ƒe tata evelia me be: “Míexɔe se be YEHOWAE le megbe na ‘Zion’s Watch Tower’ la [si nye ale si woyɔa magazine sia ɣemaɣi], eye esi wòle alea ta la, míaɖe kuku alo aƒo koko na amegbetɔwo gbeɖe be woana gakpekpeɖeŋu mí o.” Míegakpɔtɔ lé nya ma me ɖe asi kokoko.

Mía dometɔ ɖe sia ɖe tea ŋu ɖoa eƒe gadzɔdzɔwo ɖe míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ ɖe sia ɖe tẽe alo tsɔnɛ dea nudzɔɖaka si le Fiaɖuƒe Akpata me la me. Ke hã míexɔa nu ewolia alo dzɔa ga le amewo si o, eye míekaa ga na amewo be woaxe ɖe míaƒe agbalẽwo alo Biblia-fiafia wo ta o. Womexea fe na mí be míaɖe gbeƒã, afia nu le hamea me, alo akpe asi ɖe tadeaguƒewo tutu ŋu o. Nu ka tae? Elabena Yesu gblɔ be: “Faa miexɔe, faa minae.” (Mateo 10:8) Ame siwo katã wɔa dɔ le míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo kpakple míaƒe dɔwɔƒegãa, siwo dome Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa me tɔwo hã le la, nye mawudɔwɔla siwo womexea fe na o.

“Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔna doa alɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo katã, ame sia ame kple home si wòɖo be yeadzɔ kple zi ale si wòanɔ ‘edzɔm.’”—Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe, ƒe 2011

Míezãa ga si míedzɔna la ƒe ɖe tsɔ kpena ɖe ame siwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo la ŋu. Dzidzɔe wònye na blema Kristotɔwo be yewoakpe asi ɖe kpekpeɖeŋunana ame siwo dzi vɔ̃ dzɔ ɖo la ŋu. (Romatɔwo 15:26) Nenema kee míawo hã míewɔna ne afɔkuwo dzɔ ɖe haxɔsetɔwo dzi. Míegbugbɔna tua woƒe aƒewo kple tadeaguƒewo, eye míenaa nuɖuɖu kple nudodo wo hewɔa atike na wo.