Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU

Ale Si Miaɖe Lɔlɔ̃ Afia Mia Nɔewo

Ale Si Miaɖe Lɔlɔ̃ Afia Mia Nɔewo

Ne ƒeawo va le yiyim la, lɔlɔ̃ si le srɔ̃tɔ aɖewo si na wo nɔewo la nɔa to yim. Ne esia le dzɔdzɔm le wò srɔ̃ɖeɖe me la, ɖe wòle be nàtsi dzia?

 Nu si wòle be nànya

Lɔlɔ̃ɖeɖefia hiã vevie be srɔ̃ɖeɖe nali ke. Abe ale si ko nuɖuɖu kple tsi hiã vevie hafi ŋusẽ nanɔ míaƒe ametia ŋu eye míanɔ lãmesẽ me ene la, nenema kee lɔlɔ̃ɖeɖefia edziedzi le srɔ̃ɖeɖe me tua srɔ̃ɖeɖea ɖo eye wònana wòlia ke. Ne srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo ɖe wo nɔewo hena ƒe geɖe gɔ̃ hã la, ehiã be woayi edzi anɔ eɖem fia wo nɔewo edziedzi be yewolɔ̃ yewo nɔewo hetsɔa ɖe le eme na yewo nɔewo.

Lɔlɔ̃ vavã media eɖokui tɔ o. Edia ame kemɛa ƒe dzidzɔkpɔkpɔ. Eya ta le esi teƒe be dzodzroa nanyɔ ɖe srɔ̃tɔ aɖe me ko hafi wòaɖe lɔlɔ̃ afia srɔ̃a la, srɔ̃tɔ si bua srɔ̃a ŋu ade dzesii be ye srɔ̃ hiã na yeƒe lɔlɔ̃ eye wòadze agbagba aɖee afiae.

Zi geɖe la, srɔ̃nyɔnuwo hiã na lɔlɔ̃ɖeɖefia wu wo srɔ̃ŋutsuwo. Srɔ̃ŋutsu ate ŋu alɔ̃ srɔ̃a vevie. Ke hã, ne ŋkekea ƒe gɔmedzedze kple eƒe nuwuwu alo do ŋgɔ na gbɔdɔdɔ koe srɔ̃ŋutsua ɖea lɔlɔ̃ fiaa srɔ̃a la, srɔ̃a maka ɖe edzi tututu nenye be elɔ̃ ye o. Enyo sãsãsã wu ne eɖea lɔlɔ̃ fiaa srɔ̃a le ŋkeke bliboa me.

 Nu si nàte ŋu awɔ

Ðe lɔlɔ̃ fia le wò nuƒoƒo me. Nyagbɔgblɔ suesuewo abe “Melɔ̃ wò” alo “Medea asixɔxɔ ŋuwò ŋutɔ” ene ate ŋu ana srɔ̃wò nase le eɖokui me be yele vevie na wò.

Biblia ƒe mɔfiame: “Nya si wu dzi lae nu gblɔna.”—Mateo 12:34.

Kpekpeɖeŋu: Mègaɖe lɔlɔ̃ fia srɔ̃wò le nuƒoƒo ɖeɖe ko me o. Ŋlɔ lɔlɔ̃nyawo ɖe agbalẽvi dzi nɛ, alo nàɖoe ɖee to e-mail alo text message dzi.

Ðe lɔlɔ̃ fia le wò nuwɔna me. Atuuwɔwɔ, nugbugbɔ, alo asiléle na mia nɔewo ɖeɖe dzaa ate ŋu aɖee afia srɔ̃wò be ne ègblɔe kple nu be “Melɔ̃ wò” la, nyateƒee wònye. Asikaka srɔ̃wò ŋu vividoɖeameŋutɔe, eƒe ŋkumekpɔkpɔ lɔlɔ̃tɔe, alo nunanae ɣeaɖewoɣi ate ŋu aɖee afia be ètsɔ ɖe le eme nɛ vavã. Ke srɔ̃ŋutsu, nuwo abe agbatsɔtsɔ akpe srɔ̃wò, ʋɔʋuʋu nɛ, agbawo kɔklɔ, nunyanya, alo nuɖaɖa atsɔ akpe ɖe eŋu ya ɖe? Le srɔ̃nyɔnu geɖewo gbɔ la, menye kpekpeɖeŋunana dzro koe nu siawo wɔwɔ nye o—wonye lɔlɔ̃ɖeɖefia ŋutɔŋutɔ!

Biblia ƒe mɔfiame: “Migana míatsɔ nya kple aɖe ko alɔ̃ ame o, ke boŋ míatsɔ nuwɔna . . . alɔ̃ ame.”—1 Yohanes 3:18.

Kpekpeɖeŋu: Wɔ nu ɖe srɔ̃wò ŋu ameŋububutɔe abe ale si ko nèwɔe esime mienɔ zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ene.

Mikpɔ vovo ɖe mia nɔewo ŋu. Mi ame evea dzaa ƒe vovokpɔkpɔ ɖe mia nɔewo ŋu ado ŋusẽ srɔ̃ɖekadodoa eye wòana srɔ̃wò naka ɖe edzi be ne yele gbɔwò la, edzɔa dzi na wò. Ele eme be ne viwo le mia si alo nu vevi bubuwo li siwo gbɔ wòle be miakpɔ le ŋkekea me la, ate ŋu asesẽ be miakpɔ vovo ɖe mia nɔewo ŋu ya. Ke hã, ɖewohĩ miate ŋu awɔ ɖoɖo be edziedzi la, mi ame evea ɖeɖe miazɔ aɖi tsa vie.

Biblia ƒe mɔfiame: “Miakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii.”—Filipitɔwo 1:10.

Kpekpeɖeŋu: Srɔ̃tɔ aɖewo siwo ŋu vovo menɔna o la wɔa ɖoɖo edziedzi be wo ame evea ɖeɖe dona vie le fiẽ aɖewo me alo le kwasiɖanuwuwuwo.

Nya srɔ̃wòa. Ame sia ame kple ale si wòdina be woaɖe lɔlɔ̃ afia ye. Miɖo dze kple mia nɔewo tso ale si mia dometɔ ɖe sia ɖe adi be woaɖe lɔlɔ̃ afia yee ŋu eye miagblɔe na mia nɔewo ne miegahiã lɔlɔ̃ɖeɖefia tso mia nɔewo gbɔ geɖe wu. Eyome wɔ tɔwò sinua be nàkpɔ srɔ̃wò ƒe hiahiãa gbɔ nɛ. Ðo ŋku edzi be, lɔlɔ̃ɖeɖefia hiã vevie be srɔ̃ɖeɖe nali ke.

Biblia ƒe mɔfiame: “Lɔlɔ̃ . . . media eya ŋutɔ tɔ o.”—1 Korintotɔwo 13:4, 5.

Kpekpeɖeŋu: Le esi nànɔ biabiam tso srɔ̃wò si be wòaɖe lɔlɔ̃ afia ye teƒe la, bia ɖokuiwò boŋ be, ‘Nu kae mawɔ be srɔ̃nye nagalɔ̃m geɖe wu?’