Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Li Ŋutɔŋutɔa?

Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Li Ŋutɔŋutɔa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ɛ̃. Gbɔgbɔ vɔ̃wo nye “mawudɔla siwo wɔ nu vɔ̃,” wonye gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo dze aglã ɖe Mawu ŋu. (2 Petro 2:4) Mawudɔla gbãtɔ si wɔ eɖokui gbɔgbɔ vɔ̃e nye Satana Abosam, ame si Biblia yɔ be “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia.”​—Mateo 12:24, 26.

Aglãdzedze le Noa ƒe ŋkekea me

 Biblia ƒo nu tso mawudɔlawo ƒe aglãdzedze do ŋgɔ na Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa ŋu be: “Mawu vavã la ƒe viwo kpɔ be amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ. Ale woɖe wo dometɔ siwo katã dze wo ŋu.” (1 Mose 6:2) Mawudɔla vɔ̃ɖi mawo ‘gblẽ woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi’ le dziƒo eye wodo amegbetɔwo ƒe ŋutilã va anyigba dzi ale be woate ŋu adɔ kple nyɔnuwo.​—Yuda 6.

 Esi Tsiɖɔɖɔa dze egɔme la, mawudɔla dzeaglã mawo gblẽ woƒe amegbetɔŋutilã ɖi hetrɔ yi dziƒo. Ke hã, Mawu nya wo ɖa le eƒe ƒomea me. Woƒe tohehea ƒe akpa aɖee nye be, womagate ŋu ado amegbetɔŋutilã akpɔ gbeɖe o.​—Efesotɔwo 6:11, 12.