Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Wotrɔ Biblia Me Nyawoa?

Ðe Wotrɔ Biblia Me Nyawoa?

 Ao. Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ɖee fia be wometrɔ naneke le Biblia me o togbɔ be wogbugbɔ ŋlɔe zi akpe geɖe ɖe nu siwo tea ŋu nyunyɔna dzi hã.

Ðe wòfia be womewɔ vodada aɖeke kura esi wogbugbɔ nɔ eŋlɔm oa?

 Woke ɖe Biblia ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ akpe geɖe ŋu. Vovototo aɖewo dze le wo dometɔ aɖewo me si fia be egbugbɔŋlɔlawo wɔ vodada aɖewo. Vovototo siawo ƒe akpa gãtɔ nye vodada suesuesue siwo metrɔ gɔmesese si le nyawo ŋu o. Ke hã woke ɖe vodada ɖedzesi aɖewo ŋu eye wo dometɔ aɖewo dze abe ame aɖewoe ɖoe koŋ le blema be yewoatrɔ Biblia ƒe gbedeasia ene. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu eve aɖewo ɖa:

  1.   Le 1 Yohanes 5:7 la, Biblia gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo gblɔ be: “ame siwo le ɖase ɖim le dziƒo: Fofo la, Nya la kple gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka.” Gake asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo ŋu kakaɖedzi le la ɖo kpe edzi be nya siawo mele blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxoawo me o. Emegbee wode wo eme. a Eya ta woɖe wo ɖa le egbegbe Biblia gɔmeɖeɖe siwo ŋu kakaɖedzi le la me.

  2.   Mawu ƒe ŋkɔ dze zi akpe geɖe le Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo me. Ke hã Biblia gɔmeɖeɖe geɖewo tsɔ dzesideŋkɔwo abe “Aƒetɔ” alo “Mawu” ene ɖo ŋkɔa teƒe.

Aleke míawɔ anya be vodada bubu geɖe mekpɔtɔ le eme o?

 Va se ɖe fifia la, woke ɖe asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbogbo aɖewo ŋu si wɔe be ele bɔbɔe wu tsã be woade dzesi vodadawo. b Nu kae agbalẽ vovovo siawo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ɖe fia ku ɖe ale si gbegbe Biblia de pɛpɛpɛ egbeae ŋu?

  •   Agbalẽnyala si ŋkɔe nye William H. Green gblɔ tso Hebri Ŋɔŋlɔawo si amewo yɔna egbea be “Nubabla Xoxoa” ŋu be: “Míate ŋu agblɔe kakaɖedzitɔe be blemagbalẽ aɖeke meli si me nyawo woŋlɔ ɖi wòde pɛpɛpɛ alea kpɔ o.”

  •   Ku ɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo alo “Nubabla Yeyea” ŋu la, Biblia-nyala F. F. Bruce gblɔ be: “Míaƒe Nubabla Yeye la ŋuti kpeɖodzi siwo ŋu woke ɖo la de ŋgɔ sãsãsã wu agbalẽŋlɔla bubu geɖe ƒe nuŋlɔɖiwo, eye ame aɖeke meku drɔ̃e kpɔ be yeake ɖi le wo me nyawo ƒe dede pɛpɛpɛ ŋu gbeɖe o.”

  •   Aƒetɔ Frederic Kenyon, si nye asinuŋɔŋlɔgbalẽwo ŋutinunyala gblɔ be, ame “ate ŋu atsɔ kakaɖedzi agblɔ be Biblia si yelé ɖe asi la nye agbalẽ si nye Mawu ƒe Nya, si wotsɔ na mí si me nya veviwo metrɔ o tso dzidzime yi dzidzime hena ƒe alafa geɖe.”

Susu bubu kawoe gali siwo ta míeka ɖe edzi be Biblia nye agbalẽ si de pɛpɛpɛ?

  •   Yudatɔ kple Kristotɔ nugbugbɔgaŋlɔlawo siaa kpɔ ŋutinya siwo klo nu le vodada gã siwo Mawu ƒe amewo wɔ dzi la ta. c (4 Mose 20:12; 2 Samuel 11:2-4; Galatiatɔwo 2:11-14) Nenema kee wogakpɔ Biblia ƒe akpa siwo bu fɔ Yuda dukɔa ɖe woƒe tomaɖomaɖo kple nu siwo klo nu le amegbetɔwo ƒe dzixɔse totrowo ŋu la ta. (Hosea 4:2; Malaki 2:8, 9; Mateo 23:8, 9; 1 Yohanes 5:21) Esi wogbugbɔ ŋlɔ ŋutinya siawo ɖi wòde pɛpɛpɛ ta la, nugbugbɔgaŋlɔlaawo ɖe ale si gbegbe míate ŋu aka ɖe wo dzii kple ale si wobua Mawu ƒe Nya nu kɔkɔee la fia.

  •   Ðe susu mele eme be míaxɔe ase be Mawu si ŋlɔ Biblia la akpɔ eta be wòade pɛpɛpɛ oa? d (Yesaya 40:8; 1 Petro 1:24, 25) Le nyateƒe me la, menye ame siwo nɔ anyi le blema koe wòdi be eme nyawo naɖe vi na o ke na mí ame siwo li egbea hã. (1 Korintotɔwo 10:11) Le nyateƒe me la, “nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi be woatsɔ afia nu mí, ale be to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.”​—Romatɔwo 15:4.

  •   Yesu kple eyomedzelawo yɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me kple kakaɖedzi eye womeke ɖi be blemanuŋɔŋlɔ mawo mede pɛpɛpɛ o.​—Luka 4:16-21; Dɔwɔwɔwo 17:1-3.

a Nya siawo medze le Codex Sinaiticus, Codex Alexandrinus, Vatikan Asinuŋɔŋlɔgbalẽ, ƒe 1209, Latin Vulgate gbãtɔ, Philoxenian-Harclean Syriac gɔmeɖeɖe, alo Syriac Peshitta me o.

b Le kpɔɖeŋu me, woke ɖe Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ, si amewo yɔna be Nubabla Yeye, alo Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, siwo wu 5,000 ŋu.

c Biblia mena wòdze abe ame siwo le Mawu teƒe la mate ŋu awɔ vodada ene o. Elɔ̃ ɖe edzi nyuie be: “Amegbetɔ aɖeke meli si mewɔa nu vɔ̃ o.”​—1 Fiawo 8:46.

d Biblia gblɔ be togbɔ be Mawu megblɔ nyawo de nu na eŋlɔla amegbetɔwo o hã la, efia mɔ woƒe susuwo.​—2 Timoteo 3:16, 17; 2 Petro 1:21.