Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nyemele Ta Kpɔm Na Nye Agbe O—Ðe Subɔsubɔ, Mawu Alo Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunyea?

Nyemele Ta Kpɔm Na Nye Agbe O—Ðe Subɔsubɔ, Mawu Alo Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunyea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ɛ̃ woate ŋui. Biblia, si nye blemagbalẽ si me nunya yɔ fũu, la ɖoa agbemebiabia veviwo ŋu eye ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzɔ ahase le ɖokuiwò me be yele dedie. Kpɔ nyabiase siwo ŋu wòɖo la dometɔ aɖewo ɖa.

  1.   Ðe Wɔla aɖe lia? Biblia gblɔ be Mawue “wɔ nuwo katã.” (Nyaɖeɖefia 4:11) Esi Mawu nye mía Wɔla ta la enya nu siwo míehiã be míase vivi na agbea ahakpɔ dzidzeme.

  2.   Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme nama? Le esi míanɔ Mawu bum be enye ame si ɖe eɖokui ɖe aga sãa tso míagbɔ teƒe la, Biblia gblɔ na mí be: “Mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.” (Dɔwɔwɔwo 17:27) Etsɔ ɖe le nu siwo dzɔna ɖe dziwò la me vevie eye wòdina be yeakpe ɖe ŋuwò nakpɔ dzidzedze le agbe me.—Yesaya 48:17, 18; 1 Petro 5:7.

  3.   Nu ka tae Mawu nyanya akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzɔ? Ðe Mawu wɔ mí be míatsi dzi ɖe “gbɔgbɔmenuwo,” si fia didi si le mía me be míase nu si tae Mawu wɔ mí ɖo la gɔme ŋu. (Matthew 5:3) Nu si gbɔgbɔmenu siawo fia la dometɔ aɖee nye didi si le mía me be míanya mía Wɔla ale be míadze xɔlɔ̃e. Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe agbagba si nàdze be yeadze sii, elabena Biblia gblɔ: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8.

 Ame miliɔn geɖe va kpɔe be xɔlɔ̃dzedze Mawu na yewoƒe agbe va ɖɔ ʋu eye wònana wonyana nu si woawɔ be agbea nadze edzi na wo. Ne ènya Mawu la mefia be èvo tso kuxiwo me o gake eƒe nunya si dze le Biblia me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò

 Subɔsubɔha siwo zãa Biblia la dometɔ geɖe menɔa agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu ŋutɔŋutɔ o. Ke hã, subɔsubɔha vavã me tɔwo ya wɔna ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi pɛpɛpɛ, eye woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya Mawu nyuie.