Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Wòfia Be ‘Nàbu Fofowò Kple Dawò’?

Nu Kae Wòfia Be ‘Nàbu Fofowò Kple Dawò’?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Sedede si nye “bu fofowò kple dawò” dze le Biblia me zi geɖe. (2 Mose 20:12; 5 Mose 5:16; Mateo 15:4; Efesotɔwo 6:2, 3) Esia wɔwɔ lɔ nuwɔna vevi ene ɖe eme.

  1.   Kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Ne èdaa akpe na dziwòlawo ɖe nu siwo katã wowɔ na wò ta la, efia be èdea bubu wo ŋu. Àte ŋu aɖee afia be yekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu ne èdea asixɔxɔ woƒe mɔfiafia ŋu. (Lododowo 7:1, 2; 23:26) Biblia de dzi ƒo na wò be nàbu dziwòlawo be wonye yeƒe ‘atsyɔ,’ si fia be wòanye dada na wò be wonye ye dzilawo.​—Lododowo 17:6.

  2.   De bubu ɖoƒe si wole ŋu. Ne èɖoa to dziwòlawo hedea bubu ɖoƒe si Mawu na wo ŋu, vevietɔ esi nenye ɖevi la, efia be èdea bubu wo ŋu. Kolosetɔwo 3:20 gblɔ na ɖeviwo be: “Miɖo to mia dzilawo le nu sia nu me, elabena esia dzea Aƒetɔ la ŋu nyuie.” Yesu gɔ̃ hã ɖo to edzilawo esime wònye ɖevi.​—Luka 2:51.

  3.   Wɔ nu ɖe wo ŋu bubutɔe. (3 Mose 19:3; Hebritɔwo 12:9) Zi geɖea, esia fia nya siwo nègblɔna ɖe wo ŋu kple ale si nègblɔa woe. Ele eme be dzila aɖewo ƒe nuwɔna nana wòsesẽna be woade bubu wo ŋu ya. Ke hã ɖeviwo ate ŋu ade bubu wo dzilawo ŋu ne woƒo asa na nuƒoƒo kple nuwɔwɔ ɖe wo ŋu amemabumabutɔe. (Lododowo 30:17) Biblia fia mí be nu vɔ̃ gãe wònye be ɖevi nadzu edzilawo.​—Mateo 15:4.

  4.   Kpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ. Ne dziwòlawo va tsi la, woate ŋu ahiã kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔwo. Àte ŋu aɖee afia be yedea bubu wo ŋu ne èwɔ wò ŋutete ɖe sia ɖe kpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. (1 Timoteo 5:4, 8) Le kpɔɖeŋu me, do ŋgɔ teti hafi Yesu naku la, ewɔ ɖoɖo ɖe nɔa dzi kpɔkpɔ ŋu.​—Yohanes 19:25-27.

Susu totro siwo le amewo si ku ɖe bubudede ame fofo kple dadaa ŋu

 Susu totro: Be nàbu fofowò kple dawò la, ele be nàɖe mɔ woaɖo nu na wo le wò srɔ̃ɖeɖe me.

 Nyateƒea: Biblia fia mí be ƒomedodo si le atsu kple asi dome la le vevie na wo wu ƒomekadodo ɖe sia ɖe. Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ 2:24 gblɔ be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu.” (Mateo 19:4, 5) Enye nyateƒe be ame siwo ɖe srɔ̃ la dzilawo alo wo towo kple wo lɔ̃xowo ƒe aɖaŋuɖoɖo ate ŋu aɖe na wo. (Lododowo 23:22) Ke hã, gome le srɔ̃tɔwo si be woaɖo seɖoƒe na woƒe ƒometɔwo tso ale si woanɔ nu dem woƒe nyawo me ŋu.​—Mateo 19:6.

 Susu totro: Ŋusẽ si le fofowò kple dawò si la ƒo ŋusẽwo katã ta.

 Nyateƒea: Togbɔ be Mawu na ŋusẽ dzilawo le ƒomea me hã la, seɖoƒe li na amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋusẽ​—Mawu ƒe ŋusẽ ƒo amegbetɔwo tɔ ta. Le kpɔɖeŋu me, esi ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ ɖe gbe na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be woagbe toɖoɖo Mawu la, wogblɔ be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:27-29) Nenema kee ɖeviwo ɖoa to wo dzilawo “le Aƒetɔ la me,” si fia be woɖoa to wo dzilawo le nu siwo katã metsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu o la me.​—Efesotɔwo 6:1.

 Susu totro: Be nàbu fofowò kple dawò bia be wò subɔsubɔ dzixɔsewo nawɔ ɖeka kple wo tɔ.

 Nyateƒea: Biblia de dzi ƒo na mí be míado nu siwo fiam wole mí la kpɔ be wonye nyateƒe hã. (Dɔwɔwɔwo 17:11; 1 Yohanes 4:1) Ate ŋu ava dzɔ be ame si wɔ esia natia subɔsubɔ si to vovo na edzilawo tɔ. Biblia ƒo nu tso Mawu subɔla wɔnuteƒe aɖewo siwo menɔ wo dzilawo ƒe subɔsubɔ me o ŋu; wo dometɔ aɖewo nye Abraham, Rut kple apostolo Paulo.​—Yosua 24:2, 14, 15; Rut 1:15, 16; Galatiatɔwo 1:14-16, 22-24.

 Susu totro: Be nàbu fofowò kple dawò bia be nàkpɔ gome le tɔgbui kukuwo subɔsubɔ ƒe kɔnuwo me.

 Nyateƒea: Biblia gblɔ be: “Yehowa wò Mawue nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe nàsubɔ.” (Luka 4:8) Ame si subɔa tɔgbui kukuwo ƒe nu medzea Mawu ŋu o. Gawu la, Biblia fia nu be “kukuawo meganya naneke kura o.” Womekpɔa bubu si dem wole wo ŋu la o; eye womate ŋu akpe ɖe agbagbeawo ŋu loo alo awɔ nu vevi wo o.​—Nyagblɔla 9:5, 10; Yesaya 8:19.