Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ame Kae Nye Kristo Ƒe Futɔ La?

Ame Kae Nye Kristo Ƒe Futɔ La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Kristo ƒe futɔ la menye ame ɖeka alo habɔbɔ ɖeka aɖe koŋ o, elabe Biblia gblɔ be “Kristo ƒe futɔ geɖewo” li. (1 Yohanes 2:18) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “Kristo ƒe futɔ” la fia “ame si tsi tsitre ɖe Kristo ŋu alo tsɔ eɖokui ɖo eteƒe.” Ame sia ame si wɔa nu siwo gbɔna la nye Kristo ƒe futɔ:

 Biblia yɔ ame siwo wɔa nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe be Kristo ƒe futɔwo eye wògayɔ wo katã abe ƒuƒoƒo ene be “Kristo ƒe futɔ.” (2 Yohanes 7) Kristo ƒe futɔ la do zi gbãtɔ le apostoloawo ƒe ŋkekeawo me eye wògale dɔ dzi vevie va se ɖe egbe. Biblia gblɔ esia ɖi.​—1 Yohanes 4:3.

Ale si nàwɔ akpɔ Kristo ƒe futɔ la adze sii

  •   Wogblɔa alakpanyawo tso Yesu ŋu. (Mateo 24:9, 11) Le kpɔɖeŋu me, ame siwo fiaa Trinita Kɔkɔe alo Mawuɖekaetɔ̃ alo fiaa nu be Yesue nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la tsia tsitre ɖe nya si Yesu gblɔ be “Fofo la lolo wum” la ŋu tẽe.​—Yohanes 14:28.

  •   Kristo ƒe futɔ la medaa asi ɖe nu si Yesu fiaa ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe dɔwɔwɔ ŋu la dzi o. Le kpɔɖeŋu me, sɔlemehakplɔla aɖewo gblɔna be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo zãmee Kristo le le eƒe dɔwɔwɔwo me. Ke hã woƒe nufiafia sia tsi tsitre ɖe Yesu ŋu, elabe eya ŋutɔ gblɔ be: “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.”​—Yohanes 18:36.

  •   Wogblɔna be Yesue nye yewoƒe Aƒetɔ gake womewɔna ɖe eƒe sededewo dzi o. Eƒe sedede siawo dometɔ ɖekae nye be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia.​—Mateo 28:19, 20; Luka 6:46; Dɔwɔwɔwo 10:42.