Dzo kpo yi emenuwo dzi

Mawu Ƒe Susuwoe Woŋlɔ Ðe Biblia Mea?

Mawu Ƒe Susuwoe Woŋlɔ Ðe Biblia Mea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia-ŋlɔla geɖewo gblɔ be Mawue gblɔ nu siwo yewoŋlɔ la na yewo. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa:

  •  Fia David: “Yehowa ƒe [gbɔgbɔ] ƒo nu to dzinye, eye eƒe nya le nye aɖe dzi.”—2 Samuel 23:1, 2.

  •  Nyagblɔɖila Yesaya: “Ale Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, gblɔ esi.”—Yesaya 22:15.

  •  Apostolo Yohanes: “Nyaɖeɖefia, si Yesu Kristo ɖe fia, si Mawu tsɔ nae.”—Nyaɖeɖefia 1:1.