Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe La?

Nu Kae Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Gbɔgbɔ kɔkɔeae nye Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖe fia alo eƒe dɔwɔŋusẽ. (Mika 3:8; Luka 1:35) Mawu ɖoa eƒe gbɔgbɔa ɖe teƒewo le mɔ sia nu be eɖoa eƒe ŋusẽ ɖe teƒe mawo ale be eƒe lɔlɔ̃nu nava eme.​—Psalmo 104:30; 139:7.

 Nya si gɔme woɖe le Biblia me be “gbɔgbɔ” la nye Hebrigbe me nya ruʹach kple Helagbe me nya pneuʹma. Zi geɖe la nya mawo fiaa Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ alo gbɔgbɔ kɔkɔe la. (1 Mose 1:2) Gake Biblia zãa nya mawo wofia nu bubuwo hã abe:

 Gbɔgbɔ ƒe gɔmesese siawo katã fia nane si ƒe dɔwɔwɔ dzena amegbetɔwo kpɔna gake wometea ŋu kpɔa gbɔgbɔa ŋutɔ kple ŋku o. Nenema kee Mawu ƒe gbɔgbɔa hã “le abe ya ke ene, enye nu makpɔmakpɔ sẽŋu aɖe.”​—An Expository Dictionary of New Testament Words, si W. E. Vine ta.

 Biblia yɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea be ‘asi’ alo “asibidɛwo.” (Psalmo 8:3; 19:1; Luka 11:20; tsɔe sɔ kple Mateo 12:28.) Abe ale si ko aɖaŋudɔwɔla zãa eƒe asi alo asibidɛwo tsɔ wɔa nuwoe ene la, Mawu hã zãa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ wɔ alo tsɔ wɔa nu siwo gbɔna:

Menye amee gbɔgbɔ kɔkɔe la nye o

 Esi Biblia yɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa be eƒe ‘asi’ alo “asibidɛwo” alo “ŋɔtimegbɔgbɔ” la, eɖee fia be menye amee gbɔgbɔ kɔkɔe la nye o. (2 Mose 15:8, 10) Aɖaŋudɔwɔlaa ƒe asiwo mate ŋu awɔ dɔ eƒe susu kple eƒe ŋutilã ƒe akpa bubuwo manɔmee o; nenema kee ne Mawu fia mɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ko hafi wòtea ŋu wɔa dɔ. (Luka 11:13) Biblia tsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa sɔ kple tsi eye wòtsɔe do ƒome kple nuwo abe xɔse kple sidzedze ene hã. Esiawo katã ɖee fia be menye amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye o.—Yesaya 44:3; Dɔwɔwɔwo 6:5; 2 Korintotɔwo 6:6.

 Woyɔ Yehowa Mawu kple Via Yesu Kristo ŋkɔ na mí le Biblia me, gake gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋkɔ medze le afi aɖeke le Biblia me o. (Yesaya 42:8; Luka 1:31) Esi Kristotɔ Stefano si wowu ɖe eƒe xɔse ta kpɔ dziƒo nukutɔe le ŋutega aɖe me la, ame eve ko wòkpɔ le afi ma, menye ame etɔ̃ o. Biblia gblɔ be: “Esi gbɔgbɔ kɔkɔe yɔe fũu la, ekpɔ dziƒo gãa, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple Yesu wòle tsitre ɖe Mawu ƒe ɖusime.” (Dɔwɔwɔwo 7:55) Gbɔgbɔ kɔkɔe lae nye Mawu ƒe ŋusẽ si wòtsɔ kpe ɖe Stefano ŋu wòkpɔ ŋutega ma.

Alakpanya siwo amewo gblɔna ku ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu

 Nyakpakpa: Gbɔgbɔ kɔkɔe la nye ame ŋutɔŋutɔ eye wònye Mawuɖekaetɔ̃ (Trinita Kɔkɔe) la ƒe akpa aɖe abe ale si wodze le 1 Yohanes 5:7, 8 le Eʋegbe Biblia me ene.

 Nyateƒea: Nya siwo dze le Eʋegbe Biblia me le 1 Yohanes 5:7, 8 ƒe ɖewoe nye “le dziƒo: Fofo la, Nya la kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka. Eye ame etɔ̃e li, ame siwo le ɖase ɖim le anyigba dzi.” Gake numekulawo va kpɔe be menye apostolo Yohanes ye ŋlɔ nya siawo o, eya ta menye Biblia me nyawoe wonye o. Nufialagã Bruce M. Metzger ŋlɔ bena: “Nya siawo nye nyakpakpawo eye enye nyateƒe be mesɔ be woatsɔ wo akpe ɖe Nubabla Yeyea ŋu o.”​—A Textual Commentary on the Greek New Testament.

 Nyakpakpa: Biblia ƒoa nu tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu abe amee wònye ene, eya ta efia be amee wònye.

 Nyateƒea: Enye nyateƒe be ŋɔŋlɔawo ƒoa nu tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu ɣeaɖewoɣi abe amee wònye ene ya, gake esia mefia be amee wònye o. Biblia ƒoa nu tso nunya, ku, kple nu vɔ̃ hã ŋu abe amewoe wonye ene. (Lododowo 1:20; Romatɔwo 5:17, 21) Le kpɔɖeŋu me, woƒo nu tso nunya ŋu be ewɔa ‘dɔ’ eye “viwo” le esi, eye woɖɔa nu vɔ̃ be eblea ame nu, ewua ame eye wòbiãa ŋu.​—Mateo 11:19; Luka 7:35; Romatɔwo 7:8, 11.

 Nenema kee esime apostolo Yohanes yɔ Yesu ƒe nyawo la, eƒo nu tso gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu abe amee wònye ene esi wògblɔ be enye “kpeɖeŋutɔ” si ana kpeɖodzi, afia mɔ, aƒo nu, ase nu, eye wòagblɔ nya, akafu ahaxɔ nya.

 Nyakpakpa: Amewo nyɔnyrɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me ɖee fia be amee wònye.

 Nyateƒea: Biblia zãa “ŋkɔ” ɣeaɖewoɣi tsɔ fia ŋusẽ alo ɖoƒe. (5 Mose 18:5, 19-22; Esta 8:10) Wogblɔa nya sia tɔgbi le Eŋlisigbe me be le “sea ƒe ŋkɔ me,” gake esia mefia be amee se la nye o. Ame si wonyrɔ le “gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me” lɔ̃na ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ kple akpa si wòwɔna be Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme la dzi.​—Mateo 28:19.

 Nyakpakpa: Yesu ƒe apostolowo kple eƒe nusrɔ̃la gbãtɔ bubuwo xɔe se be amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye.

 Nyateƒea: Esia ƒe kpeɖodzi aɖeke mele Biblia alo ŋutinya me o. Numekugbalẽ aɖe (Encyclopædia Britannica) gblɔ be: “Konstantinople ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe si wowɔ le ƒe 381 Do Ŋgɔ Na Yesu . . . mee woto nufiafia si nye be Gbɔgbɔ Kɔkɔea hã nye Mawu la vɛ.” Esia nye ƒe 250 kple edzivɔ le apostolo mamlɛtɔ ƒe ku megbe.