Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye “Ŋkeke Mamlɛawo” Alo “Nuwuɣi” La Ƒe Dzesi?

Nu Kae Nye “Ŋkeke Mamlɛawo” Alo “Nuwuɣi” La Ƒe Dzesi?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia gblɔ nudzɔdzɔ kple nɔnɔme siwo ade dzesi “nuɖoanyi [sia] ƒe nuwuɣi” alo ɣeyiɣi siwo ado ŋgɔ na “xexea me ƒe nuwuwu” la ɖi. (Mateo 24:3; Eʋegbe Biblia) Biblia yɔ ɣeyiɣi sia be “ŋkeke mamlɛawo,” “nuwuwu ƒe ɣeyiɣi,” alo “nuwuɣi” la. (2 Timoteo 3:1; Daniel 8:​19; Eʋegbe Biblia) Nyagblɔɖi siwo le eme vam ku ɖe ŋkeke mamlɛawo, alo nuwuɣia, ŋu dometɔ vevi aɖewoe nye esi:

  •   Aʋawɔwɔ dziŋɔwo.​—Mateo 24:7; Nyaɖeɖefia 6:4.

  •   Dɔwuame.​—Mateo 24:7; Nyaɖeɖefia 6:​5, 6.

  •   Anyigbaʋuʋu gãwo.​—Luka 21:11.

  •   Dɔvɔ̃wo.​—Luka 21:11.

  •   Nu vlo wɔwɔ ƒe dzidziɖedzi.​—Mateo 24:12.

  •   Amegbetɔwo le anyigba la gblẽm.​—Nyaɖeɖefia 11:18.

  •   Amewo ƒe nɔnɔme le gbegblẽm ɖe edzi, elabena ame geɖewo nye “ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, . . . ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo.”​—2 Timoteo 3:1-4.

  •   Ƒomewo le gbagbãm, elabena ƒometɔ aɖewo ‘megalɔ̃a ame ƒe nya o,’ eye ɖevi geɖe ‘megaɖoa to wo dzilawo o.’​—2 Timoteo 3:2, 3.

  •   Ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ na Mawu yi to.​—Mateo 24:12.

  •   Subɔsubɔhawo ƒe alakpanuwɔwɔwo le dzedzem gaglãa.​—Mateo 24:12.

  •   Biblia me nyagblɔɖiwo gɔmesese ɖe edzi, esiwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu hã le eme.​—Daniel 12:4.

  •   Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le xexea me godoo.​—Mateo 24:14.

  •   Ame akpa gãtɔ metsɔ ɖeke le kpeɖodzi siwo ɖee fia be nuwuwua gogo me o, eye eɖia kokoe na wo gɔ̃ hã.​—Mateo 24:37-​39; 2 Petro 3:​3, 4.

  •   Nyagblɔɖi siawo katã le eme vam le ɣeyiɣi ɖeka me, ke menye wo dometɔ ʋɛ aɖewo alo wo dometɔ akpa gãtɔ ko o.​—Mateo 24:33.

“Ŋkeke mamlɛawo” mee míele vavã?

 Ɛ̃. Nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me kple Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubuwo ɖee fia be ŋkeke mamlɛawo dze egɔme tso ƒe 1914 me. Ɣemaɣi la, Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le dziƒo, eye tɔtrɔ siwo wòhe vɛ dometɔ ɖekae nye be wonya Satana Abosam kple gbɔgbɔ vɔ̃wo le dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 12:7-12) Ale si Satana le ŋusẽ kpɔm ɖe amegbetɔwo dzi egbea la dzena le woƒe nuwɔna kple nɔnɔme gbegblẽwo me, si wɔe be ŋkeke mamlɛawo nye ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ vavã.​—2 Timoteo 3:1.