Dzo kpo yi emenuwo dzi

Biblia Ƒe Anyigbatatagbalẽ

Biblia Ƒe Anyigbatatagbalẽ

‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ gbalẽa nye Biblia ƒe anyigbatatagbalẽ si nàte ŋu azã le wò ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ me ale be Biblia sɔsrɔ̃ nàɖe vi na wò geɖe wu. Biblia ƒo nu tso duwo, anyigbawo kple teƒe geɖewo ŋu. Anyigbatatagbalẽ sia zazã le wò Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàse Biblia gɔme geɖe wu, elabe akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ teƒe siwo Biblia me nudzɔdzɔ siwo xlẽm nèle la dzɔ le le wò susu me. Anyigbatatagbalẽ sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya teƒe siwo nuwo dzɔ le eye esia awɔe be nàse ŋutinya aɖewo gɔme nyuie wu.

Teƒe vovovo siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ƒe anyigbatata dzeaniwo kple nyatakakaɖaka geɖewo le ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ gbalẽa me. Àkpɔ nuwo ƒe nɔnɔme, anyigba ƒe nɔnɔme si wotsɔ kɔmpiuta wɔ kple nu bubu geɖe siwo ana Biblia sɔsrɔ̃ navivi nuwò la le anyigbatatagbalẽ nyui sia me.

Le Biblia ƒe anyigbatatagbalẽa me la,

  • àkpɔ teƒe siwo Abraham, Isak kple Yakob zɔ mɔ toe

  • àkpɔ teƒe siwo Israel-viwo to esi woʋu tso Egipte yina Ŋugbedodonyigbaa dzi

  • àkpɔ teƒe si Israel nɔ kple nuto siwo me eƒe futɔ siwo ƒo xlãe hã nɔ

  • àkpɔ teƒe siwo Yesu zɔ toe le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi

  • ànya afi siwo fiaɖuƒe aɖewo siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe, abe Babilon, Hela kple Roma ene ƒe fiaɖuɖu keke ta ɖoe

Àte ŋu akpɔ Biblia ƒe anyigbatatagbalẽa le Internet dzi le Gbetakpɔxɔ INTERNET DZI AGBALẼDZRAÐOƑE.