Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAY 4, 2015
ANGOLA

Yehowa Ðasefowo Na Kpekpeɖeŋu Ame Siwo Tsi Ðe Le Angola

Yehowa Ðasefowo Na Kpekpeɖeŋu Ame Siwo Tsi Ðe Le Angola

Tsi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le Lobito, ba kple tsi siwo xɔ eme la kɔ va ɖo sentimeta 70.

LUANDA, Angola—Tsi gã aɖe te dzadza tso March 11, 2015 dzi le Benguela, si didi tso Luanda si nye Angola ƒe fiadu gbɔ abe kilometa 500 ene, eye tsia ɖɔ ɖe amewo. Tsiɖɔɖɔa wu ame 85 eye wògblẽ aƒe 119 dome. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Angola ka nya ta be Ðasefo aɖeke meku le afɔku sia me o, gake tsia gbã Ðasefo 11 ya ƒe aƒewo alo gblẽ nu le wo ŋu vevie. Tsia gblẽ nu le Fiaɖuƒe Akpata (afi si Yehowa Ðasefowo subɔna le) ɖeka ŋu le Lobito.

Le ŋufɔke la, Ðasefoawo ɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti ale be woate ŋu abu nu siwo dome gblẽ la ƒe akɔnta eye woakpe ɖe ame siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le la ŋu. Ðasefoawo na kpekpeɖeŋu wo nɔvi Ðasefowo kple ame siwo menye Ðasefowo o siaa le afi siwo dzɔdzɔmefɔku sia gblẽ nu le hã. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo lɔ tsi kple ba si ƒe kɔkɔme nye sentimeta 70 le Fiaɖuƒe Akpata si le Lobito la me, eye wodzra Akpataa me ɖo hewɔ kpekpe tɔxɛwo le eme le kwasiɖaa ƒe nuwuwu. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Angola la teƒenɔlawo tso Luanda va kpekpe sia va gblɔ Biblia me nyawo tsɔ de dzi ƒo na Ðasefo siwo le nuto ma me.

Ðasefo siwo le nutoa me dzra Fiaɖuƒe Akpata si le Lobito la me ɖo heɖɔe ɖo.

Aƒetɔ Todd Peckham si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Angola la gblɔ be: “Míese veve ɖe ame siwo katã ŋu tsiɖɔɖɔ sia gblẽ nu le la ŋu. Alɔdzedɔwɔƒe si le Angola ayi edzi anɔ kpekpeɖeŋunakɔmitia ƒe dɔwo dzi kpɔm ahanɔ kpekpem ɖe nutoa me tɔwo ŋu.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Angola: Todd Peckham, tel. +244 222 460 192