Dzo kpo yi emenuwo dzi

Woɖo Nyɔnu Ŋkunɔ Aɖe Ƒe Gbedodoɖawo Ŋu

Woɖo Nyɔnu Ŋkunɔ Aɖe Ƒe Gbedodoɖawo Ŋu

 Yanmei si nye Ðasefo aɖe le Asia kpe ɖe nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Mingjie si nye ŋkunɔ ŋu wòtso ʋu mɔ me. a Mingjie gblɔ na Yanmei be: “Akpe na wò. Mawu neyra wò!” Eye Yanmei bia Mingjie ne adzɔ dzi nɛ be yewoado go adzro Biblia me ɖekae. Mingjie gblɔ na Yanmei emegbe be yedoa gbe ɖa gbe sia gbe be Mawu nakpe ɖe ye ŋu yeake ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu. Nu ka tae wònɔ gbe ma dom ɖa ɣesiaɣi?

 Mingjie ɖe eme be le ƒe 2008 me la, ye xɔlɔ̃ aɖe si hã nye ŋkunɔa kpe ye yewo yi sɔleme aɖe si kpena ɖe nuwɔametɔwo ŋu. Esi wogblɔ mawunya vɔ la, Mingjie bia nunɔlaa agbalẽ si me wògblɔ mawunyaa tsoe. Nunɔla gblɔ nɛ be Mawu ƒe Nya Biblia si me nyateƒenyawo le la mee wòtso. Esia wɔe be Mingjie di vevie be yeasrɔ̃ Biblia. Eya ta eyi vae di Chinagbe me ŋkunɔwo ƒe Biblia eye wòzã ɣleti ade aɖewo tsɔ xlẽ Biblia bliboa. Esi Mingjie nɔ Biblia xlẽm la, eva de dzesii be nu si wofia yewo le sɔleme be ame etɔ̃e le Mawu me la menye nyateƒe o. Eye eva de dzesii hã be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.

 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mingjie ƒe sɔlemetɔwo ƒe nuwɔnawo va nɔ fu ɖem nɛ. Eva kpɔ be yeƒe sɔlemetɔwo ƒe agbenɔnɔ mesɔ kple nu siwo xlẽm yenɔ le Biblia me o. Le kpɔɖeŋu me, womaa nuɖuɖu siwo nye etsɔ tɔwo na ŋkunɔwo, ke hã woɖana yeye na sɔlemetɔ susueawo ya. Nu madzɔmadzɔ siawo ɖe fu na Mingjie vevie, eya ta evae nɔ sɔleme bubu dim be yeade. Susu siawo tae wònɔ gbe dom ɖa be yeake ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu.

 Esi Yanmei nyo dɔme na Mingjie tae wòlɔ̃ be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye. Le ɣeyiɣi aɖe megbe esi Mingjie de Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe zi gbãtɔ la, egblɔ be: “Nyemaŋlɔ kpekpe ma be akpɔ gbeɖe o. Nɔviawo katã do gbe nam vividoɖeameŋutɔe. Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Togbɔ be mènye ŋkunɔ hã, mekpɔe be lɔlɔ̃ vavã le wo dome.”

 Mingjie va nɔ kpekpeawo dem edziedzi. Fiaɖuƒehawo dzidzi dzɔa dzi nɛ ŋutɔ, gake nublanuitɔe la, ŋkunɔwo ƒe hadzigbalẽ menɔ esi o. Eya ta nɔviawo kpe ɖe eŋu wòwɔ eya ŋutɔ ƒe hadzigbalẽ si nye ŋkunɔwo tɔ. Gaƒoƒo 22 ye wòzã tsɔ wɔ hadzigbalẽ si me hadzidzi 151 sɔŋ le. Mingjie te gbeƒã ɖeɖe na amewo le April ƒe 2018 me, eye wòzãna abe gaƒoƒo 30 ene ɣleti sia ɣleti.

Ŋkunɔwo ƒe agbalẽ wɔwɔ mele bɔbɔe kura o

 Yanmei ŋutɔ xlẽ nyabiasewo kple mawunyakpukpui siwo le Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa me lé ɖe mɔ̃ dzi na Mingjie be wòatsɔ adzra ɖo ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu. Le July ƒe 2018 me la, Mingjie xɔ nyɔnyrɔ. Egblɔ be: “Ale si nɔviawo wɔ nu ɖe ŋunye le takpekpe ma me la, wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Mefa dzidzɔvi elabe meva le subɔsubɔha vavãtɔ me mlɔeba.” (Yohanes 13:34, 35) Fifia, Mingjie zãna eƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ tsɔ ɖea gbeƒã na amewo tso Mawu kple eƒe tameɖoɖo ŋu elabe edi be yeaɖe lɔlɔ̃ afia ame bubuwo abe ale si woɖee fia ye hã ene.

a Míetrɔ ŋkɔawo.