Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Naa Nu Ewolia?

Ðe Yehowa Ðasefowo Naa Nu Ewolia?

 Ao, Yehowa Ðasefowo menaa nu ewolia o; lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe míetsɔ kpɔa míaƒe dɔa dzi. Nu kae nye nu ewolia? Eye nu ka tae Yehowa Ðasefowo menaa nu ewolia o?

 Se si wode na blema Israel dukɔa ƒe akpa aɖee bia be woana nu ewolia alo ama nu siwo le ame si la me ɖe akpa ewo ahadzɔ akpa ɖeka. Gake Biblia ɖee fia kɔtɛe be womebia tso Kristotɔwo ya si be woawɔ ɖe Se sia dzi o, eya ta womenaa “nuwo ƒe ewolia” o.​—Heb. 7:​5, 18; Kol. 2:​13, 14.

 Womebiana tso Yehowa Ðasefowo si be woana nu ewolia alo nunanawo o, ke boŋ wosrɔ̃a Kristotɔ gbãtɔwo ƒe kpɔɖeŋu, eye wodɔa alɔ woƒe gbeƒãɖeɖedɔa le mɔ eve nu: womexɔa ga ɖe woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ta o, eye woawo ŋutɔwo wodzɔa ga faa tsɔ kpea asi ɖe dɔa ŋu.

 Ale míewɔna ɖe mɔfiame si wona Kristotɔwo le Biblia me la dzi. Mɔfiame sia gblɔ be: “Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.”​—2 Kor. 9:7.