Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Dea Ziontɔnyenye Dzia?

Ðe Yehowa Ðasefowo Dea Ziontɔnyenye Dzia?

 Ao. Yehowa Ðasefowo nye Kristotɔ siwo tu woƒe dzixɔsewo ɖe Biblia dzi. Togbɔ be subɔsubɔha aɖewo fiaa nu be Biblia me nyagblɔɖi aɖe me vavae Yudatɔwo ƒe tɔtrɔ gbɔ va Palestina nye hã la, Yehowa Ðasefowo mexɔe se nenema o. Woxɔe se be Biblia megblɔ nya aɖeke ɖi ku ɖe dziɖuɖu sia ɖoɖo anyi ŋu o. Le nyateƒe me la, Biblia mefia nu be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu alo gbegbɔgblɔ aɖe dolawo nyo wu bubuawo o. Gbetakpɔxɔ si nye Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ƒe magazine gblɔe eme kɔ ƒãa be: “Naneke mele Ŋɔŋlɔawo me si de Ziontɔwo ƒe dunyahehabɔbɔ la dzi o.”

 Numekugbalẽ aɖe ɖe Ziontɔnyenye gɔme be enye “Yudatɔwo ƒe dunyahehabɔbɔ si ƒe taɖodzinue nye be yeaɖo Yudatɔwo ƒe dukɔ anyi le Palestina ahalée ɖe te.” (Encyclopædia Britannica) Mawusubɔsubɔ kple dziɖuɖu ƒe nyawo tae woɖo habɔbɔ sia anyi ɖo. Yehowa Ðasefowo medea Ziontɔwo ƒe dunyahehabɔbɔa dzi le woƒe nufiafiawo me o, eye womedea nu woƒe nyawo me loo alo tsia tre ɖe wo ŋu o.

 Mawusubɔsubɔnyawo ŋu koe Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa tsia dzi ɖo, womedea dziɖuɖu aɖeke dzi o, Ziontɔnyenye hã le eme. Kpeɖodzi geɖewo li siwo ɖee fia be Yehowa Ðasefowo medea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o, eye le dukɔ aɖewo me la, wotia Yehowa Ðasefowo yome vevie le esi wotiae be yewomade akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o ta. Míeka ɖe edzi bliboe be Mawu Fiaɖuƒe si le dziƒo la koe ana ŋutifafa si anɔ anyi ɖaa nava anyigba dzi; amegbetɔ ƒe dziɖuɖu alo habɔbɔ aɖeke mate ŋu awɔ esia o.

 Afi ka kee Yehowa Ðasefowo ɖale o, dzidzenu vevi aɖe si me woléna ɖe asi le woƒe mawusubɔsubɔ mee nye esi bia tso wo si be woawɔ ɖe dziɖuɖuwo ƒe sewo dzi. Womedzea aglã ɖe dziɖuɖumegãwo ŋu o, eye womekpɔa gome le aʋawɔwɔ me o.