Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Ðoa Mawunyadɔgbedelawo Ðe Duta?

Ðe Yehowa Ðasefowo Ðoa Mawunyadɔgbedelawo Ðe Duta?

 Ɛ̃. Mí Yehowa Ðasefowo katã míedzea agbagba be míaɖe mawunyadɔgbedelawo alo dutanyanyuigblɔlawo ƒe gbɔgbɔ afia afi ka kee míeɖale o, eye míeƒoa nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu na ame siwo míedoa goe la edziedzi.​—Mateo 28:​19, 20.

 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Ðasefo aɖewo ʋuna yia woƒe dukɔa ƒe akpa siwo amewo mese Biblia me nya nyuia le kpɔ o la. Ðasefo bubu aɖewo hã ʋuna yia duta be yewoakeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Dzi dzɔa wo be yewo hã yewole akpa aɖe wɔm le nya si Yesu gblɔ ɖi be “mianye nye ɖasefowo . . . va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke” la me vava me.​—Dɔwɔwɔwo 1:8.

 Le ƒe 1943 me la, míeɖo suku aɖe be woana hehe tɔxɛ ame siwo anye mawunyadɔgbedelawo alo dutanyanyuigblɔlawo dometɔ aɖewo. Tso ƒe ma me la, Ðasefo 8,000 kple edzivɔwoe de suku sia si woyɔna be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku.