Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me

Ne miewɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi la, dzidzɔ anɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea alo ƒomea me.

Ŋgɔdonya

Ne miewɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame siwo le agbalẽ gbadza sia me dzi la, dzidzɔ anɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea alo ƒomea me.

AKPA 1

Mina Mawu Nafia Mɔ Mi Ne Dzidzɔ Nanɔ Miaƒe Srɔ̃ɖeɖea Me

Nyabiase bɔbɔe eve siawo ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miaƒe srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze wu.

AKPA 2

Miwɔ Nuteƒe Na Mia Nɔewo

Asaƒoƒo na ahasiwɔwɔ koe nye nuteƒewɔwɔ na ame srɔ̃a?

AKPA 3

Ale Si Miakpɔ Kuxiwo Gbɔ

Be miaƒe srɔ̃ɖeɖea nali ke eye dzidzɔ nanɔ eme alo mali ke o eye kuxiwo nado agbogbo ɖe eme la nɔ te ɖe ale si miekpɔa miaƒe kuxiwo gbɔe la dzi.

AKPA 4

Gazazã Nyuie

Akpa kae kaka ɖe ame nɔewo dzi kple anukwareɖiɖi wɔna?

AKPA 5

Ale Si Mianɔ Ŋutifafa Me Kple Miaƒe Ƒometɔwo

Àte ŋu abu dziwòlawo evɔ màɖe mɔ na wo woanɔ nu dem miaƒe ƒomenyawo me madzemadzee o.

AKPA 6

Tɔtrɔ Siwo Vidzidzi Hena Vaa Srɔ̃ɖeɖe Me

Ðe vihehe ate ŋu ana miaƒe srɔ̃ɖekadodoa me nagasẽ ɖe edzia?

AKPA 7

Ale Si Miahe Mia Viwo

Menye tohehe alo sedede koe ɖeviwo hehe lɔ ɖe eme o.

AKPA 8

Ne Nya Vɔ̃ Aɖe Dzɔ

Na woakpe ɖe ŋuwò.

AKPA 9

Misubɔ Yehowa Ðekae Abe Ƒome Ene

Aleke miawɔ be miaƒe ƒometadedeagua navivi wu