Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 9

Misubɔ Yehowa Ðekae Abe Ƒome Ene

Misubɔ Yehowa Ðekae Abe Ƒome Ene

“Mide ta agu na ame si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsidzɔƒewo.”​—Nyaɖeɖefia 14:7

Abe ale si nàde dzesii ene la, Biblia me mɔfiame geɖewo le agbalẽ gbadza sia me siwo akpe ɖe wò kple wò ƒomea ŋu. Yehowa di be miakpɔ dzidzɔ. Edo ŋugbe be ne mietsɔ yeƒe subɔsubɔdɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ la, “woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:33) Edi vevie be mianye ye xɔlɔ̃wo. Midze agbagba ɖe sia ɖe miazu exɔlɔ̃wo. Esiae nye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si ate ŋu asu ame si.​—Mateo 22:37, 38.

1 MIDO ŊUSẼ ƑOMEDODO SI LE MI KPLE YEHOWA DOME

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “‘Manye fofo na mi, eye miawo mianye viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nam,’ Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.” (2 Korintotɔwo 6:18) Mawu di be mianye ye xɔlɔ̃ veviwo. Gbedodoɖa nye mɔ siwo dzi miato awɔ esia la dometɔ ɖeka. Yehowa di be mianɔ “gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe.” (1 Tesalonikatɔwo 5:17) Edi vevie be yease miaƒe dzimenyawo kple dzimaɖeɖiwo. (Filipitɔwo 4:6) Ne èdoa gbe ɖa kple wò ƒomea la, ana woakpɔe be èxɔ Yehowa dzi se vevie.

Tsɔ kpe ɖe nuƒoƒo na Mawu ŋu la, ehiã hã be miase eƒe nyawo. Miate ŋu awɔ esia ne miesrɔ̃a eƒe Nya la kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo. (Psalmo 1:1, 2) Mide ŋugble le nu siwo miesrɔ̃na la ŋu. (Psalmo 77:12, 13) Ehiã hã be mianɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem edziedzi.​—Psalmo 122:1-4.

Nuƒoƒo tso Yehowa ŋu na amewo nye mɔ vevi bubu si dzi miato ado ŋusẽ ƒomedodo si le mi kple Mawu dome. Zi ale si miele esia wɔm la, zi nenemae mia dome anɔ kplikplikpli wu.​—Mateo 28:19, 20.

NU SI MIATE ŊU AWƆ:

  • Miɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi gbe sia gbe hena Biblia-xexlẽ kple gbedodoɖa

  • Mawusubɔsubɔdɔwo nenye nu vevitɔ na mi le ƒomea me hafi modzakaɖeɖe kple dzidzɔdodonameɖokui nakplɔe ɖo

2 MINA MIAƑE ƑOMETADEDEAGU NAÐE VI

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Mite ɖe Mawu ŋu.” (Yakobo 4:8) Ele be ƒometadedeagu a ƒe ɖoɖo nanɔ mia si eye mianɔ ƒometadedeagua wɔm edziedzi. (1 Mose 18:19) Gake nu bubu aɖewo hã hiã. Ele be miaɖo ŋku Mawu dzi le miaƒe gbe sia gbe nuwɔnawo katã me. Ehiã be nàƒo nu tso eŋu “ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ” ale be wò ƒomea kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli wu. (5 Mose 6:6, 7) Miɖoe kplikpaa be yewoasrɔ̃ Yosua ame si gblɔ be: “Mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!”​—Yosua 24:15.

NU SI MIATE ŊU AWƆ:

  • Miɖoe koŋ mianɔ hehe nam miaƒe ƒomea me tɔwo wòasɔ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe hiahiã nu

a Yehowa Ðasefowo ƒe ƒomewo ɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi koŋ le kwasiɖa me tsɔ subɔa Mawu ɖekae, eye wodzroa Biblia me nyawo me le dziɖeɖi me.