Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA WUIADRELIA

‘Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Dɔlanyɔnue Menye!’

‘Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Dɔlanyɔnue Menye!’

1, 2. (a) Aleke amedzro aɖe do gbe na Maria? (b) Nyametsotso kae dze ŋgɔ Maria eye aleke esia akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe agbe dzi?

MARIA ƒe mo wɔ yaa esi wòkpɔ amedzro si ge ɖe eƒe aƒe me. Amedzroa mebia Maria fofo alo dadaa ta o. Maria tae wòva ɖo! Maria ka ɖe edzi be menye Nazaretetɔe wònye o. Le woƒe du sue ma me la, wokpɔa amedzrowo dzea sii bɔbɔe. Afi sia afi si ŋutsu sia ayi la, woanya be amedzroe wònye. Edo gbe na Maria le mɔ tɔxɛ aɖe nu; egblɔ nɛ be: “Medo gbe na wò, wò ame si nu wove ŋutɔ, Yehowa li kpli wò.”—Xlẽ Luka 1:26-28.

2 Aleae Biblia ɖe Maria, Heli vinyɔnu, si tso Nazaret si le Galilea la fia míi. Biblia he míaƒe susu yi nyɔnu sia dzi esime nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔe. Wodo eƒe ŋugbe na atikpala Yosef; menye kesinɔtɔe ŋutsu sia nye o, ke hã exɔ Mawu dzi se ŋutɔ. Eya ta Maria ate ŋu akpɔ ale si agbea ava nɔ na ye la xoxo le susu me. Anɔ agbe tsɛ ahakpe asi ɖe srɔ̃a Yosef ŋu, eye woadzi viwo ahakpɔ wo dzi ɖekae. Gake fifia amedzro sia xɔ dɔdeasi aɖe si atrɔ eƒe agbe keŋkeŋ la tso eƒe Mawu gbɔ vɛ nɛ.

3, 4. Be míate ŋu anya Maria nyuie la, nu kawo ŋue wòle be míaɖe susu ɖa le, eye nu ka ŋue wòle be míatrɔ susu ɖo?

3 Ewɔa nuku na ame geɖe be Biblia meƒo nu boo tso Maria ŋu o. Megblɔ nya boo aɖeke tso ƒome si me wòtso, eƒe amenyenye, alo eƒe dzedzeme gɔ̃ hã ŋu o. Ke hã nya siwo Mawu ƒe Nya la gblɔ tso eŋu la ɖe nu geɖe fia tso eyama ŋu.

4 Be míanya Maria nyuie la, ahiã be míakpɔ nu ayi ŋgɔ wu nya geɖe siwo amewo susu gblɔ tso eŋu, siwo subɔsubɔha vovovowo fiana la. Eya ta mina míaɖe míaƒe susu ɖa le Maria ƒe nɔnɔmetata gbogbo manyaxlẽawo, eƒe kpetatawo, alo eƒe nɔnɔme siwo woɖe ɖe gli ŋu, siwo wobe wonye eƒe “dzedzeme” la ŋu. Mina míaɖe míaƒe susu ɖa le sɔlemenufiafia kple dzixɔse siwo gɔme sese sesẽna, siwo me wodaa dzesideŋkɔwo abe “Mawu Ƒe Nɔ” kple “Dziƒo Nyɔnufia” ene ɖe nyɔnu ɖokuibɔbɔla sia dzi la hã ŋu. Ke fifia mina míatrɔ susu ɖe nu si tututu Biblia fia tso eŋu la boŋ ŋu. Biblia fia nu vevi geɖe mí ku ɖe eƒe xɔse kpakple ale si míate ŋu asrɔ̃e ŋu.

Mawudɔla Aɖe Va Egbɔ

5. (a) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Maria wɔ nui le Gabriel ƒe gbedonamea ta la me? (b) Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso Maria gbɔ?

5 Menye amegbetɔ dzro aɖe koe amedzro si va Maria gbɔ la nye o. Mawudɔla Gabriel ye. Esi wòyɔ Maria hegblɔ nɛ be enye “ame si nu wove ŋutɔ” la, “eɖi vo ŋutɔ” le eƒe nya la ŋuti, eye wòbia eɖokui be gbedoname kae nye esia. (Luka 1:29) Ame kae ve enu ŋutɔ? Maria menɔ mɔ kpɔm be woave ye nu etɔxɛe le amegbetɔwo dome o. Gake Yehowa Mawu ƒe amenuveve ŋue mawudɔlaa nɔ nu ƒom tsoe. Togbɔ be Maria di vevie be Mawu nave ye nu hã la, mesusui dadatɔe be Mawu ve ye nu xoxo o. Maria ƒe kpɔɖeŋua fia mí be ele be míadze agbagba awɔ nu si ana Mawu nave mía nu eye mele be míasusui dadatɔe gbeɖe be eve mía nu xoxo o. Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, gake elɔ̃a ɖokuibɔbɔlawo eye wòkpena ɖe wo ŋu.—Yak. 4:6.

Maria mesusui dadatɔe be Mawu ve ye nu xoxo o

6. Mɔnukpɔkpɔ kae mawudɔlaa tsɔ ɖo Maria ŋkume?

6 Ehiã be ɖokuibɔbɔ ma tɔgbi nanɔ Maria si, elabena mawudɔla la tsɔ mɔnukpɔkpɔ manyagblɔ aɖe ɖo eŋkume. Eɖe eme nɛ be adzi vi aɖe si ava nye ame vevitɔ kekeake le amegbetɔwo dome. Gabriel gblɔ be: “Yehowa Mawu atsɔ fofoa David ƒe fiazikpui la anae, eye wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe la dzi tegbee, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.” (Luka 1:32, 33) Kakaɖedzitɔe la, Maria nya nu tso ŋugbe si Mawu do na David ƒe akpe ɖeka kple edzivɔe nye ema va yi la ŋu—si nye be eƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka aɖu fia tegbee. (2 Sam. 7:12, 13) Eya ta Maria ƒe viŋutsu lae ava nye Mesia si Mawu ƒe amewo nɔ mɔ kpɔm na ƒe alafa geɖewoe nye ema la!

Mawudɔla Gabriel tsɔ mɔnukpɔkpɔ manyagblɔ aɖe ɖo Maria ŋkume

7. (a) Nu kae nya si Maria bia la ɖe fia tso eŋu? (b) Nu kae sɔhɛ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso Maria gbɔ?

7 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mawudɔla la gblɔ nɛ be woayɔ viaŋutsua be “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi.” Aleke nyɔnu si nye ŋutilã kple ʋu la ate ŋu adzi Mawu ƒe Vi? Gake aleke Maria awɔ adzi vi kura ya? Wodo eƒe ŋugbe na Yosef, gake womeɖe wo nɔewo haɖe o. Eya ta Maria bia nya sia anukwaretɔe be: “Aleke nu sia adzɔe, esi wònye nyemedɔ kple ŋutsu aɖeke kpɔ o?” (Luka 1:34) De dzesii be mekpe ŋu na Maria kura be wòagblɔ be yemenya ŋutsu o. Ke boŋ ede asixɔxɔ eƒe agbe dzadzɛ nɔnɔ la ŋu. Egbea la, sɔhɛ geɖewo doa vlo woƒe ɖetugbuinyenye, eye woɖua fewu le ame siwo nɔa agbe dzadzɛ la ŋu. Xexea trɔ nyateƒe. Gake Yehowa ya metrɔ o. (Mal. 3:6) Egadea asixɔxɔ ame siwo léa eƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo me ɖe asi la ŋu kokoko, abe ale si ko wònɔ le Maria ŋɔli ene.—Xlẽ Hebritɔwo 13:4.

8. Togbɔ be Maria mede blibo o hã la, aleke wòanya wɔ be wòadzi vi deblibo?

8 Togbɔ be Maria nye Mawu subɔla wɔnuteƒe hã la, ame madebliboe wònye. Ke aleke wòate ŋu adzi vi deblibo, si nye Mawu ƒe Vi? Gabriel ɖe eme be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò. Le esia ta, woayɔ vi si nàdzi la be kɔkɔetɔ, Mawu ƒe Vi.” (Luka 1:35) Nu kɔkɔe nye “nu si ŋuti kɔ,” “nu si le dzadzɛ,” “nu si woɖe ɖe vovo.” Amegbetɔwo dzia wo viwo ɖe nu vɔ̃ me. Gake le Maria ya gome la, Yehowa awɔ nukunu tɔxɛ aɖe. Atrɔ Via ƒe agbe tso dziƒo ade Maria ƒe vidzidɔ me, eye wòazã eƒe dɔwɔŋusẽ alo gbɔgbɔ kɔkɔea atsɔ “ado vɔvɔli” ɖe Maria dzi, si akpɔ ɖevia ta be nu vɔ̃ nagaɖe ɖe eŋu o. Ðe Maria xɔ mawudɔla la ƒe ŋugbedodoa dzi sea? Aleke wòwɔ nui?

Ale Si Maria Wɔ Nu Ðe Gabriel Ƒe Nya La Ŋu

9. (a) Nu ka tae ame siwo kea ɖi Maria ƒe ŋutinya la da ƒu? (b) Aleke Gabriel do ŋusẽ Maria ƒe xɔsee?

9 Esesẽna na ɖikelawo, siwo dome Kristodukɔa ƒe mawunya ŋuti nunyalawo hã le la, be woaxɔe ase be nyɔnu si menya ŋutsu o la ate ŋu adzi vi. Togbɔ be wonya agbalẽ ŋutɔ hã la, womete ŋu se nyateƒenya bɔbɔe aɖe gɔme o. Abe ale si Gabriel gblɔe ene la, “Mawu magblɔ nya aɖeke wòado kpo emevava o.” (Luka 1:37) Maria xɔ Gabriel ƒe nyawo dzi se be wonye nyateƒe, elabena enye ɖetugbui aɖe si si xɔse sẽŋu le. Ke hã menye nu sia nu ko dzie wòxɔna sena o. Abe ale si wòanɔ le ame nyanu ɖe sia ɖe gome ene la, Maria hiã na kpeɖodzi siwo dzi wòatu eƒe xɔsea ɖo. Gabriel nɔ klalo be yeagana kpeɖodzi bubuwoe. Egblɔ Elisabet, si nye Maria ƒe ƒometɔ tsitsi, si wonya be etsi ko, evɔ Mawu na wòfɔ fu nukutɔe la ŋu nya nɛ!

10. Nu ka tae mele be míasusui be dɔ si Mawu de asi na Maria la anɔ bɔbɔe nɛ o?

10 Fifia, nu kae Maria awɔ? Wogblɔ nu si Mawu di tso esi la nɛ vɔ, eye kpeɖodziwo hã li be Mawu le wɔwɔ ge ɖe nu siwo katã Gabriel gblɔ la dzi. Mele be míasusui be dɔ si Mawu de esi la anɔ bɔbɔe nɛ o. Gbã la, ele be wòabu woa kple Yosef dome ŋugbedodoa ŋu. Ne Yosef va nya be efɔ fu la, ɖe wòagalɔ̃ aɖeea? Nu bubue nye be dɔdeasia ŋutɔ hã ate ŋu adze nu sesẽ aɖe ŋutɔ. Ele be Mawu ƒe Vi si gbɔ melɔ̃a nu le le eƒe nuwɔwɔwo katã dome o la ƒe fu nanɔ eƒo! Eye ne eva dzi ɖevia la, ahiã be wòakpɔ vidzĩa dzi ahakpɔ eta le xexe vɔ̃ɖi ma me. Agbanɔamedzi gã aɖee esia nye vavã!

11, 12. (a) Aleke ŋutsu sesẽ wɔnuteƒewo gɔ̃ hã wɔ nui ɣeaɖewoɣi esi Mawu de dɔ sesẽwo asi na wo? (b) Nu kae ɖe dzesi le Maria ŋu le ale si wòɖo nya ŋu na Gabriel me?

11 Biblia ɖee fia be ŋutsu sesẽ wɔnuteƒewo gɔ̃ hã he ɖe megbe le agbanɔamedzi kpekpe siwo tso Mawu gbɔ la xɔxɔ ŋu ɣeaɖewoɣi. Mose do taflatsɛ be yemebi ɖe nuƒoƒo me ne yeanye Mawu ƒe nyanuɖela o. (2 Mose 4:10) Yeremiya gblɔ be ‘yemetsi o,’ ɖevi ko yenye, yemate ŋu awɔ dɔ si Mawu de ye si la o. (Yer. 1:6) Yona hã si le eƒe dɔdeasia nu! (Yona 1:3) Ke Maria ya ɖe?

12 Ðokuibɔbɔ kple toɖoɖo si dze le eƒe nyawo me la gawɔa dɔ ɖe nuteƒewɔlawo katã dzi egbea. Egblɔ na Gabriel be: ‘Kpɔ ɖa! Yehowa ƒe dɔlanyɔnue menye! Neva eme nam le wò nya la nu.’ (Luka 1:38) Dɔlanyɔnu nye aƒemesubɔviwo dometɔ si le tsɛ wu; eƒe agbe katã le eƒe aƒetɔ si me. Nenemae Maria se le eɖokui me le eƒe Aƒetɔ Yehowa ŋu. Enyae be yele dedie le eƒe asiwo me, eye be ewɔa nuteƒe na ame siwo wɔa nuteƒe nɛ, eye ayra ye ne yewɔ nu sia nu si yeate ŋui le dɔ sesẽ sia wɔwɔ me.—Ps. 18:26.

Maria nyae be yele dedie le yeƒe Mawu, Yehowa, nuteƒewɔla la ƒe asiwo me

13. Ne Mawu bia tso mía si be míawɔ nane evɔ ewɔ na mí be esesẽ akpa alo be manya wɔ o la, aleke Maria ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na mí?

13 Ɣeaɖewoɣi la, Mawu biaa nanewo tso mía si siwo dzena na mí abe nu siwo sesẽ akpa, alo nu siwo manya wɔ o ene. Gake ena kpeɖodzi gbogbo aɖewo mí le eƒe Nya la me, siwo ta míate ŋu aka ɖe eyama dzi ahatsɔ mía ɖokuiwo ade eƒe asiwo me abe ale si Maria wɔe ene. (Lod. 3:5, 6) Ðe míawo hã míalɔ̃ awɔe nenema kea? Ne míewɔe alea la, aɖo eteƒe na mí, eye wòana míakpɔ susu siwo tae wòle be míaxɔ edzi ase geɖe wu ɖo.

Eyi Elisabet Gbɔ

14, 15. (a) Aleke Yehowa ɖo eteƒe na Maria esi wòyi ɖasrã Elisabet kple Zaxariya kpɔ? (b) Nu kae Maria ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Luka 1:46-55 la ɖe fia le eŋu?

14 Nya siwo Gabriel gblɔ tso Elisabet ŋu la de dzi ƒo na Maria ŋutɔ. Nyɔnu siwo katã le xexea me la dometɔ kae ate ŋu ase Maria ƒe nɔnɔmea gɔme nɛ nyuie wu? Maria wɔ kaba yi du aɖe si le Yudea ƒe tonutowo me, si anɔ abe ŋkeke etɔ̃ alo ene ƒe mɔzɔzɔ ene la me. Esi Maria ge ɖe Elisabet kple nunɔla Zaxariya ƒeme la, Yehowa gana kpeɖodzi sẽŋu bubu aɖewoe si gado ŋusẽ eƒe xɔse ɖe edzi. Esi Elisabet se Maria ƒe gbedoname ko la, ɖevi si le eƒe dɔ me la ti kpo kple dzidzɔ. Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu, eye wòyɔ Maria be, “nye Aƒetɔ dada.” Mawu ɖee fia Elisabet be vi si dzi ge Maria le la ava zu eƒe Aƒetɔ, Mesia la. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòkafu Maria ɖe eƒe toɖoɖo nuteƒewɔwɔtɔe ta hegblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye nyɔnu si xɔe se hã.” (Luka 1:39-45) Ɛ̃, nu sia nu si ƒe ŋugbe Yehowa do na Maria la ava eme!

Maria kple Elisabet ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa nye yayra na wo ame evea siaa

15 Emegbe Maria hã ƒo nu. Wokpɔ eƒe nyawo ta nyuie le Mawu ƒe Nya la me. (Xlẽ Luka 1:46-55.) Esiae nye Maria ƒe nyagbɔgblɔ si didi wu le Biblia me, eye eɖe nu geɖe fia le eyama ŋu. Eƒe akpedada kple ŋudzedzekpɔkpɔ dze le ale si wòkafu Yehowa ɖe mɔnukpɔkpɔ si wònae be wòazu Mesia la dada la me. Xɔse si gbegbe nɔ esi la dze ƒãa esi wògblɔ be Yehowa bɔbɔa dadalawo kple ŋusẽtɔwo ɖe anyi eye wòkpena ɖe ɖokuibɔbɔlawo kple ame dahe siwo dina be yewoasubɔe la ŋu. Esia na míekpɔ sidzedze si gbegbe nɔ esi hã. Akɔntabubu aɖe ɖee fia be, eyɔ nya siwo wu 20 tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me! *

16, 17. (a) Aleke Maria kple via woɖe nɔnɔme aɖe si wòle be míasrɔ̃ la fiae? (b) Nu ka dzie ale si Maria yi ɖanɔ Elisabet gbɔe la ɖoa ŋkui na mí?

16 Eme kɔ ƒãa be Maria dea ŋugble le Mawu ƒe Nya la ŋu vevie. Ke hã eyi edzi bɔbɔ eɖokui, elabena megblɔ eya ŋutɔ ƒe susuwo o, ke boŋ eyɔ nya tso Ŋɔŋlɔawo me. Ðevi si nɔ tsitsim le eƒe dɔ me la hã va ɖe nɔnɔme ma ke fia emegbe esi wògblɔ be: “Nu si mefiana la menye tɔnye o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la tɔe.” (Yoh. 7:16) Anyo be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe medea bubu gã ma tɔgbi Mawu ƒe Nya la ŋua? Alo ɖe melɔ̃a nye ŋutɔ nye susuwo gbɔgblɔ ne mele nu fiam?’ Ale si wòle le Maria ya gome la dze ƒãa.

17 Maria nɔ Elisabet gbɔ abe ɣleti etɔ̃ sɔŋ ene, eye ɖikeke mele eme o be, wode dzi ƒo na wo nɔewo ale gbegbe. (Luka 1:56) Biblia ƒe ŋutinya wɔdɔɖeamedzi sia ɖoa ŋku yayra si gbegbe le xɔlɔ̃wɔwɔ me dzi na mí. Ne míedze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa mía Mawu la vavã la, kakaɖedzitɔe la, esia ana míatsi le gbɔgbɔ me eye míate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli. (Lod. 13:20) Gake ɣeyiɣia de mlɔeba be Maria natrɔ ayi aƒe. Nya kae Yosef agblɔ ne ese be efɔ fu?

Maria Kple Yosef

18. Nya kae Maria va gblɔ na Yosef, eye aleke Yosef wɔ nui?

18 Anɔ eme godoo be Maria melala fua dze hafi wòɖe nyaa dzi na Yosef o. Ehiã godoo be wòagblɔe nɛ. Gake hafi wòaɖe nyaa dzi nɛ la, anya nɔ ale si ŋutsu mawuvɔ̃la ɖɔʋu sia awɔ nui ne yegblɔe nɛ la ŋu bum. Ke hã mlɔeba, ete ɖe eŋu hegblɔ nu siwo katã dzɔ la nɛ. Abe ale si nàkpɔ mɔe ene la, Yosef tɔtɔ ŋutɔ le nya la ŋuti. Edi be yeaxɔ ɖetugbui sia si wòlɔ̃na vevie la dzi ase, gake ewɔ nɛ be mewɔ nuteƒe na ye o. Biblia megblɔ nu siwo va susu me na Yosef alo ale si wòbu nuwo ŋui la na mí o. Gake Biblia gblɔ be eɖoe be yeagbee, elabena wobua ame siwo le ŋugbedodo me ɣemaɣi la abe srɔ̃tɔwo ene. Ke hã medi be yeado ŋukpee le gaglãgbe o, eya ta eɖoe be yeagbee le adzame. (Mat. 1:18, 19) Anya te ɖe Maria dzi ŋutɔ be wòakpɔ ŋutsu dɔmenyotɔ sia wòanɔ nu xam le nu madzɔkpɔ sia ta. Ke hã Maria medo dziku o.

19. Aleke Yehowa kpe ɖe Yosef ŋu wòɖe afɔ nyuitɔ?

19 Dɔmenyotɔe la, Yehowa kpe ɖe Yosef ŋu wònya afɔ nyuitɔ si wòle be wòaɖe. Mawudɔla aɖe gblɔ nɛ le drɔ̃e me be, nukunue Maria ƒe fufɔfɔa nye vavã. Esia anya na gbɔdzɔe Yosef ŋutɔ! Azɔ Yosef wɔ nu abe ale si Maria wɔe le gɔmedzedzea me ene—ewɔ nu si Yehowa di tso esi. Eɖe Maria, eye wònɔ dzadzraɖoɖi ɖe dɔ tɔxɛ si nye Yehowa ƒe Vi la dzi kpɔkpɔ ŋu.—Mat. 1:20-24.

20, 21. Nu kae srɔ̃tɔwo kple ame siwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la ate ŋu asrɔ̃ tso Maria kple Yosef gbɔ?

20 Anyo be srɔ̃tɔwo kple ame siwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum nasrɔ̃ nu tso atsu kple asi sia siwo nɔ anyi ƒe 2,000 aɖewoe nye esia la ƒe ŋutinya me. Ne Yosef kpɔ ɖetugbui si wòɖe la wòle dzilanyenye ƒe agbanɔamedzia tsɔm hele be lém na via la, akpɔ dzidzɔ godoo be Yehowa ƒe dɔla fia mɔ ye. Yosef anya kpɔ ale si gbegbe wòle vevie be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le nyametsotso veviwo wɔwɔ me la dze sii. (Ps. 37:5; Lod. 18:13) Ðikeke mele eme o be ebua nu ŋu nyuie heɖɔa ŋu ɖo ne ele nyametsotso wɔm abe ƒomea ƒe ta ene.

21 Le go bubu me la, aleke míate ŋu aƒo nya ta le ale si Maria lɔ̃ faa be yeaɖe Yosef la ŋu? Togbɔ be esesẽ na Yosef le gɔmedzedzea me be wòase Maria ƒe nyaa gɔme hã la, Maria gbɔ dzi ɖi nɛ be wòatso nya me le afɔ si wòaɖe ŋu, elabena enyae be eyae gbɔna ƒomea ƒe ta nye ge. Kakaɖedzitɔe la, esrɔ̃ nu vevi aɖe tso esia me, eye wònye nufiame na nyɔnu Kristotɔ siwo li egbea hã. Mlɔeba la, nudzɔdzɔ siawo anya kpe ɖe Yosef kple Maria siaa ŋu wokpɔ ale si gbegbe dzeɖoɖo faa anukwareɖiɖitɔe le vevie.—Xlẽ Lododowo 15:22.

22. Nu kae nye Yosef kple Maria ƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe gɔmeɖoanyi, eye dɔ kae dze ŋgɔ wo?

22 Kakaɖedzitɔe la, srɔ̃tɔ yeye mawo ɖo gɔmeɖoanyi nyuitɔ kekeake na woƒe srɔ̃ɖeɖea. Wo ame evea siaa lɔ̃ Yehowa Mawu wu nu bubu ɖe sia ɖe, eye wodina vevie be yewoadze eŋu le yewoƒe dzilanyenye ƒe agbanɔamedzia tsɔtsɔ kple beléle na yewo viwo me. Togbɔ be yayra geɖewo le wo lalam hã la, woado go kuxi gãwo hã. Ele be woanyi Yesu, ame si atsi ava zu ame vevitɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ la.

^ mm. 15 Edze ƒãa be Maria yɔ nya tso nyɔnu nuteƒewɔla Xana, si hã Yehowa yra wòfɔ fu dzi vi la, ƒe nyawo me.—Kpɔ aɖaka si nye “Gbedodoɖa Eve Siwo Ðe Dzesi,” si le Ta 6 lia me.