Lododowo 13:1-25

  • Ame si dia aɖaŋuɖoɖo la, nunyalae (10)

  • Mɔkpɔkpɔ si meva eme kaba o nana dzi sea veve (12)

  • Duxɔla wɔnuteƒe daa gbe le ame ŋu (17)

  • Ame si zɔna kple nunyalawo adze nunya (20)

  • Tohehe na ame nye lɔlɔ̃ɖeɖefia (24)

13  Vi nyanu sea fofoa ƒe amehehe,+Ke fewuɖula mesea nyagbename o.*+   Ame ƒe nu ƒe kutsetse ana wòakpɔ nu nyuiwo aɖu,+Ke ame mawɔnuteƒewo ƒe dzimedidi* nye ŋutasesẽ.   Ame si kpɔa eƒe nuyiwo* dzi la kpɔa eƒe agbe* ta,+Ame si kea eƒe nuyiwo baa la, dzea gbegblẽ me.+   Nu dzroa kuviatɔ* vevie, gake makpɔ naneke o,+Ke veviedola aɖi ƒo nyuie.*+   Ame dzɔdzɔe léa fu alakpanya,+Ke ame vɔ̃ɖi ƒe nuwɔna hea ŋukpe kple vlodoame vanɛ.   Dzɔdzɔenyenye kpɔa ame si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la ta,+Ke vɔ̃ɖinyenye ƒua nu vɔ̃ wɔla anyi.   Ame aɖewo doa kesinɔtɔ wo ɖokui, evɔ naneke mele wo si hafi o;+Ame aɖewo hã doa hiãtɔ wo ɖokui, evɔ nu bɔ ɖe wo si hafi.   Kesinɔnu ame tsɔna ɖea eƒe agbe,*+Ke hiãtɔ ya mesea ŋɔdzidoname* aɖeke o.+   Ame dzɔdzɔewo ƒe kekeli klẽna nyuie,*+Ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi atsi.+ 10  Dzre sɔŋ koe ɖokuiŋudzedze hena vanɛ,+Ke nunya tso aƒe ɖe ame siwo dia aɖaŋuɖoɖo gbɔ.*+ 11  Kesinɔnu siwo wokpɔ kaba* la nu mesẽna yina o,+Gake ame si ƒo nuwo nu ƒu ʋɛʋɛʋɛ* la tɔ adzi ɖe edzi. 12  Mɔkpɔkpɔ si meva eme kaba o* nana dzi sea veve,+Ke didi si va eme la, agbeti wònye.+ 13  Ame si doa vlo nuxlɔ̃ame la, akpɔ etɔ nua,+Ke ame si dea bubu sedede ŋu la, woaɖo eteƒe nɛ.+ 14  Nunyala ƒe nufiafia* la, agbevudo wònye,+Eɖea ame tso ku ƒe mɔ̃tetrewo me. 15  Gɔmesese nyuitɔ nana wokpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu,Ke nu fitifiti wɔlawo ƒe mɔ dzi le glidzaglidza. 16  Aɖaŋudzela wɔa nu le nunya me,+Ke bometsila doa boblo eƒe bometsitsi.+ 17  Dɔtsɔla vɔ̃ɖi dzea vɔ̃ me,+Ke duxɔla wɔnuteƒe daa gbe le ame ŋu.+ 18  Ame si doa toku amehehe la, ahedada kple ŋukpee ava edzi,Ke ame si lɔ̃na woɖɔnɛ ɖo* la ŋue woade bubui.+ 19  Didi si va eme la vivia ame* nu,+Ke vɔ̃tsitsri menyoa bometsilawo ŋu o.+ 20  Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya,+Ke ame si dea ha kple bometsilawo la, eme manyo nɛ o.+ 21  Nu vɔ̃ wɔlawo yomee vɔ̃ tina,+Ke nunyoname nyea teƒeɖoɖo na ame dzɔdzɔewo ya.+ 22  Ame nyui gblẽa domenyinu ɖi na viawo ƒe viwo,Ke woadzra ame vɔ̃ɖi ƒe kesinɔnuwo ɖo ɖi na ame dzɔdzɔewo.+ 23  Hiãtɔ ƒe agble naa nuɖuɖu geɖe,Ke nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kplɔnɛ dzonae. 24  Ame si vea nu le eƒe ameƒoti* gbɔ la lé fu via,+Ke ame si lɔ̃a via la hea to nɛ ale si dze.*+ 25  Ame dzɔdzɔe ɖua nu wòɖia ƒo nɛ,*+Ke ame vɔ̃ɖiwo ya tsia dɔmeɣi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “mexɔa ɖɔɖɔɖo o.”
Alo, “luʋɔ ƒe didi.”
Alo, “eƒe nuƒoƒo.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “kuviatɔ ƒe luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “veviedola ƒe luʋɔ ada ami.”
Alo, “luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “mokaname.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ƒe kekeli tsoa aseye.”
Alo, “ame siwo kpea ta la gbɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame si tsɔ asi ƒo nuwo nu ƒu ʋɛʋɛʋɛ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “to mɔ fitifiti dzi.”
Alo, “Lala vivivo.”
Alo, “se.”
Alo, “wogbea nya nɛ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “amehehe; tohehe.”
Agate ŋu afia, “hea to nɛ enumake.”
Alo, “na eƒe luʋɔ.”