Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

A4

Ale Si Wozã Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Hebri Ŋɔŋlɔawo Me

Mawu ƒe ŋkɔ si woŋlɔ kple blema Hebrigbe si wodona do ŋgɔ na aboyomeyiyi le Babilon la ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo

Mawu ƒe ŋkɔ si woŋlɔ kple Hebrigbe si wodona le aboyomeyiyi le Babilon megbe la ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo

Mawu ƒe ŋkɔ si wotsɔa Hebrigbe me xaxagbeɖiɖi ene siwo nye יהוה, ŋlɔna la dze le Hebri Ŋɔŋlɔawo me zi 7,000 kloe. Biblia gɔmeɖeɖe sia ɖe xaxagbeɖiɖi ene siawo siwo amewo yɔna be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo la gɔme be “Yehowa.” Ŋkɔ sia dze zi geɖe wu ŋkɔ ɖe sia ɖe le Biblia me. Togbɔ be Biblia ŋlɔlawo zã dzesideŋkɔ alo bubuŋkɔ geɖewo abe “Ŋusẽkatãtɔ,” “Dziƒoʋĩtɔ” kple “Aƒetɔ” ene na Mawu hã la, Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo koe nye ŋkɔ ŋutɔŋutɔ si woyɔna na Mawu.

Yehowa Mawu ŋutɔ gblɔ na Biblia ŋlɔlawo be woazã yeƒe ŋkɔa. Le kpɔɖeŋu me, eƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Yoel wòŋlɔ bena: “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.” (Yoel 2:32) Eye Mawu na hakpala aɖe ŋlɔ bena: “Na woadze sii be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ le anyigba blibo la dzi.” (Psalmo 83:18) Nyateƒeae nye be Mawu ƒe ŋkɔ dze zi 700 sɔŋ le Psalmowo ɖeɖe dzaa me. Psalmowo nye hakpanya siwo Mawu ƒe amewo tsɔ dzia ha alo xlẽa wo tso susu me. Ke nu ka tae Mawu ƒe ŋkɔ medze le Biblia gɔmeɖeɖe geɖewo me o? Nu ka tae Biblia gɔmeɖeɖe sia zã ŋkɔa ƒe ŋɔŋlɔ si nye “Yehowa”? Eye Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa gɔme ɖe?

Psalmowo ƒe agbalẽa ƒe akpa si wokpɔ le Ƒukukua Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsa aɖe me siwo woŋlɔ le ƒe alafa gbãtɔ K.Ŋ. ƒe afã gbãtɔa me ƒe akpa aɖe. Hebri ŋɔŋlɔdzesi siwo ame geɖe zãna le aboyomeyiyi le Babilon megbe lae wotsɔ ŋlɔe, gake wotsɔ blema Hebrigbe si wodona do ŋgɔ na aboyomeyiyi la ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo enuenu wòdze nyuie

Nu ka tae Mawu ƒe ŋkɔ medze le Biblia gɔmeɖeɖe geɖewo me o? Susu vovovowo tae. Ame aɖewo susui be mehiã be ŋkɔ ɖeka aɖe koŋ nanɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la si o. Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi si na be woƒoa asa na Mawu ƒe ŋkɔa yɔyɔ be womagado vloe o lae kpɔ ŋusẽ ɖe ame aɖewo ya dzi. Eye ame bubuwo hã xɔe se be esi wònye be míate ŋu anya ale si tututu woyɔa Mawu ƒe ŋkɔa o ta la, anyo be míazã bubuŋkɔ abe “Aƒetɔ” alo “Mawu” boŋ nɛ. Gake nuŋububu alea mesɔ o le susu siwo gbɔna ta:

  • Ame siwo gblɔna be mehiã be woayɔ ŋkɔ aɖe koŋ na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o ŋea aɖaba ƒua nya vevi aɖe dzi. Eyae nye be Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ dze le eƒe Nya, si ƒe akpa aɖe nye nuŋlɔɖi siwo ta wokpɔ wonɔ anyi do ŋgɔ na Kristo ŋɔli la, ƒe kɔpi gbãtɔwo me. Abe ale si míegblɔe do ŋgɔ ene la, Mawu na be woŋlɔ eƒe ŋkɔ la ɖe eƒe Nya la me zi 7,000 lɔƒo. Edze ƒãa be edi be míanya yeƒe ŋkɔa ahazãe.

  • Biblia gɔmeɖela siwo wɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi ma dzi heɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa le Biblia me ŋlɔ nu vevi aɖe be. Eyae nye be togbɔ be Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo melɔ̃na yɔa Mawu ƒe ŋkɔa o hã la, womeɖee ɖa le woƒe Bibliawo me o. Mawu ƒe ŋkɔ dze zi geɖe le blemagbalẽ xatsaxatsa aɖe si ŋu woke ɖo le afi si woyɔna be Qumran, si gogo Ƒukukua la me. Biblia gɔmeɖela aɖewo tsɔa bubuŋkɔ “AƑETƆ,” si woŋlɔ kple ŋɔŋlɔdzesi gãwo ɖɔlia Mawu ƒe ŋkɔa ale be amewo nanyae be Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe dze le afi ma le nuŋlɔɖi gbãtɔwo me. Gake nyabiaseae nye be, Nu ka tae Biblia gɔmeɖela siawo ɖɔli Mawu ƒe ŋkɔa alo ɖee le Biblia me esi woawo ŋutɔwo lɔ̃ ɖe edzi be edze zi akpe geɖe le Biblia me? Ame kae ɖe mɔ na wo be woaɖɔlii? Woawo ŋutɔwo koe nya.

  • Ame siwo gblɔna be mele be míayɔ Mawu ƒe ŋkɔa o elabena míenya ale si tututu woyɔe o la yɔa Yesu ƒe ŋkɔa ya faa. Evɔ ale si Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me yɔa Yesu ƒe ŋkɔ la to vovo sãa na ale si Kristotɔ siwo li egbea dometɔ akpa gãtɔ yɔnɛ. Anɔ eme be Yudatɔ Kristotɔwo yɔa Yesu be Yesua. Eye woyɔa eƒe dzesideŋkɔ “Kristo” be Masiak alo “Mesia.” Kristotɔ Helagbedolawo yɔnɛ be Iesous Kristos, eye Kristotɔ Latingbedolawo yɔnɛ be Iesus Kristus. Mawu ƒe gbɔgbɔa ʋã amewo woŋlɔ ale si woyɔnɛ le Helagbe me la ɖe Biblia me, si fia be Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me hã wɔ nu si sɔ be wozã ale si ame akpa gãtɔ yɔa ŋkɔa le wo degbea me. Eya ta Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia hã kpɔe be esɔ be yewoazã ŋkɔ “Yehowa,” togbɔ be ŋkɔ ma mesɔ kple ale si tututu woyɔa Mawu ƒe ŋkɔa le blema Hebrigbea me o gɔ̃ hã.

Nu ka tae Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia zã ŋkɔa ƒe ŋɔŋlɔ si nye “Yehowa”? Le Eʋegbe me la, wozãa xaxagbeɖiɖi siwo nye YHWH tsɔ tsia tsitre ɖi na Hebrigbe me Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo (יהוה). Blema Hebritɔwo meŋlɔa ablɔɖegbeɖiɖiwo o, nenema kee ne woŋlɔ Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo la, womedea ablɔɖegbeɖiɖiwo wo me o. Le ɣeyiɣi siwo me wodoa blema Hebrigbe la, nuxlẽlawo ŋutɔwo dea ablɔɖegbeɖiɖiwo afi siwo wòle be woanɔ la bɔbɔe.

Anɔ abe ƒe akpe ɖeka le Hebri Ŋɔŋlɔawo nu wuwu megbe la, Yudatɔwo ƒe agbalẽnyalawo to nyayɔdzesiwo alo dzesi ƒomevi aɖewo vɛ tsɔ fiaa ablɔɖegbeɖiɖi siwo wòle be woazã ne wole Hebrigbea xlẽm. Gake ɣemaɣi la, aʋatsodzixɔse wɔe be Yudatɔ geɖewo susui be mesɔ be woayɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋutɔŋutɔ wòaɖi woase o, eya ta woɖɔlinɛ kple nya bubuwo. Ewɔ abe ne wole Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo ŋlɔm la, wotsɔa nya bubu siwo wotsɔ ɖɔlinɛ la ƒe ablɔɖegbeɖiɖiwo dea xaxagbeɖiɖi ene siwo le tsitre ɖi na Mawu ƒe ŋkɔa me ene. Ale wɔ womate ŋu anɔ te ɖe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxo siwo me ablɔɖegbeɖiɖi ƒe nyayɔdzesi mawo dze le la dzi anya ale si tututu woyɔa Hebrigbe me ŋkɔ sia le blema o. Ame aɖewo susui be woyɔa ŋkɔa be “Yahweh,” eye ame bubuwo hã do susu bubuwo ɖa. Woyɔ Mawu ƒe ŋkɔa le agbalẽ xatsaxatsa aɖe si wofɔ le Ƒukukua me si dzi Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia ƒe akpa aɖe le le Helagbe me be Iao. To vovo na ema la, blema Hela agbalẽŋlɔlawo gblɔ be ale si wòle be woayɔ Mawu ƒe ŋkɔae nye Iae, Iabe, alo Iaoue. Ke susu aɖeke meli si ta míate tɔ ɖe ŋkɔa ƒe yɔyɔ ɖeka aɖe koŋ dzi o. Nyateƒeae nye be míenya ale si tututu Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema la yɔa ŋkɔa le Hebrigbe me o. (1 Mose 13:4; 2 Mose 3:15) Nu si míenyae nye be Mawu yɔa eƒe ŋkɔ enuenu ne ele nu ƒom kple eƒe amewo, woawo hã woyɔa ŋkɔ ma nɛ, eye wozãa ŋkɔ ma faa ne wole dze ɖom kple wo nɔewo.—2 Mose 6:2; 1 Fiawo 8:23; Psalmo 99:9.

Ke nu ka tae ŋkɔa ƒe ŋɔŋlɔ si nye “Yehowa” ye wozã le Biblia gɔmeɖeɖe sia me? Elabena aleae woyɔa Mawu ƒe ŋkɔa le Eʋegbe me tso gbe aɖe gbe ke.

Mawu ƒe ŋkɔ dze le 1 Mose 15:2 le Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo si gɔme William Tyndale ɖe le ƒe 1530 me la me

Le Eŋlisigbe me Biblia me la, Mawu ƒe ŋkɔa dze zi gbãtɔ le Mose Ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo si gɔme William Tyndale ɖe le ƒe 1530 me la me. Ezã ŋkɔa ƒe ŋɔŋlɔ si nye “Iehouah.” Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Eŋlisigbeŋɔŋlɔ va trɔ, eye ale si woŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔae la hã trɔ le Eŋlisigbeŋɔŋlɔ yeyea nu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1612 me la, Henry Ainsworth zã ŋkɔa ƒe ŋɔŋlɔ si nye “Iehovah” le Psalmowo ƒe agbalẽ si gɔme wòɖe la katã me. Eye le ƒe 1639 me la, esi wogbugbɔ trɔ asi le eƒe agbalẽa ŋu hetae kpe ɖe Mose Ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo ŋu la, wozã ŋkɔa ƒe ŋɔŋlɔ si nye “Jehovah” le eme. Le ƒe 1901 me la, American Standard Version Biblia gɔmeɖelawo zã Mawu ƒe ŋkɔa ƒe ŋɔŋlɔ si nye “Jehovah” le afi siwo Mawu ƒe ŋkɔ dze le le Hebri nuŋlɔɖiawo me.

Le ƒe 1911 me la, Joseph Bryant Rotherham, ame si nye Biblia ŋuti nunyala si ŋu wodea bubui ŋutɔ la, ŋlɔ agbalẽ si ƒe tanyae nye Nusɔsrɔ̃ Tso Psalmowo Ŋu (ele yevugbe me). Eɖe nu si tae wòzã “Jehovah” ke menye “Yahweh” o me le eƒe agbalẽ sia me be yedi be yeazã “ŋkɔa ƒe yɔyɔ si ma amewo wu (si dzi woda asi ɖo bliboe hã) ale be wòanya xlẽ na Biblia xlẽla geɖewo.” Le ƒe 1930 me la, agbalẽnyalagã A. F. Kirkpatrick hã gblɔ nya mawo ke ku ɖe ŋkɔa ƒe ŋɔŋlɔ si nye “Jehovah” zazã ŋu. Egblɔ be: “Gbeŋutisenyala siwo li egbea gblɔna be Yahveh alo Yahaveh ye nye ŋɔŋlɔ nyuitɔ; gake ewɔ abe JEHOVAH xɔ anyi nɔ le Eŋlisigbe me wu ene, eye menye ale si woyɔa ŋkɔa tututue nye nu vevitɔa o, ke boŋ be woade dzesii be Ŋkɔ Ŋutɔŋutɔ aɖe le Mawu si, eye menye bubuŋkɔ ko wònye abe ‘Aƒetɔ’ ene o.”

Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo, YHWH: “Enana Wòvaa Eme.”

Dɔwɔnya HWH: “evaa eme”

Ŋkɔ Yehowa gɔme ɖe? Ŋkɔ Yehowa tso Hebrigbe me dɔwɔnya aɖe si nye “evaa eme” me, eye agbalẽnyalagã geɖewo gblɔ be Hebrigbe me dɔwɔnya sia fia nu si wɔa nu. Eya ta gɔmesese si su Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia sie nye be Mawu ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Enana Wòvaa Eme.” Agbalẽnyalagãwo ƒe nu mesɔ le ŋkɔ sia ƒe gɔmesese ŋu o. Ke hã, gɔmesese sia wɔ ɖeka kple Mawu ƒe ɖoƒe abe Wɔla ene kple Ame si nana be eƒe tameɖoɖo vaa eme la nyuie. Eyae wɔ xexe gbahoo si míekpɔna kple nu gbagbe siwo si nunya le la katã, eye gakpe ɖe eŋu la, esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, eyi edzi nana be eƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe tameɖoɖowo vaa eme.

Eya ta gɔmesese si le ŋkɔ Yehowa ŋu yi ŋgɔ wu dɔwɔnya si me woɖee tso si dze le 2 Mose 3:14. Kpukpui ma gblɔ be: “Mava Nye Nu Si Metia Be Manye” alo “Manye Ame Si Medi Be Manye.” Ne woagblɔe ŋutɔŋutɔ la, nya mawo meɖe ŋkɔa ƒe gɔmesese bliboa fia o. Ke boŋ woɖe Mawu ƒe amenyenye ƒe akpa aɖe fia, woɖee fia be le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, Mawu tea ŋu va nyea nu sia nu si hiã be eƒe tameɖoɖo nava eme. Eya ta togbɔ be gɔmesese sia hã le ŋkɔ Yehowa si hã la, mese ɖe nu si eya ŋutɔ tiae be yeazu ɖeɖe ko dzi o. Elɔ nu siwo wònana be wovaa eme le eƒe nuwɔwɔwo gome kple eƒe tameɖoɖo me vava gome hã ɖe eme.