Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYABIASE 11

Nu Kae Dzɔna Ne Ame Ku?

“Eƒe gbɔgbɔ nu tsona, eye wògatrɔna zua anyi; gbe ma gbe ke eƒe tamesusuwo katã nu yina.”

Psalmo 146:4

“Agbagbeawo nyae be yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo meganya naneke kura o . . . Nu sia nu si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ katã, elabena dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ alo sidzedze alo nunya mele Tsiẽƒe, afi si yi ge nàla o.”

Nyagblɔla 9:5, 10

“[Yesu gblɔ] kpee be: ‘Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm, gake meyina be maɖanyɔe.’ Togbɔ be eƒe ku ŋue Yesu le nu ƒom tsoe hã la, woawo ya wosusui be alɔ̃ ŋutɔŋutɔ wòwɔnɛ. Eya ta Yesu ʋu eme na wo kɔtɛ be: ‘Lazaro ku.’”

Yohanes 11:11, 13, 14