Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI BIBLIA GBLƆ

Ga

Ga

Ðe ga nye nu vɔ̃ɖiwo katã ƒe kea?

“Nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃.” —1 Timoteo 6:10.

NYA SI AME AÐEWO GBLƆNA

Gae nye nu vɔ̃ɖiwo katã ƒe ke.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Galɔlɔ̃” gbɔe “nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã” tsona, ke menye ga ŋutɔ o. Le Biblia me la, Fia hotsuitɔ Salomo yɔ nu vɔ̃ɖi ƒomevi etɔ̃ siwo dzɔna zi geɖe ɖe ame siwo lɔ̃a ga la dzi. Dzimaɖitsitsi: “Kesinɔtɔ ƒe nu gbogboawo menana wòdɔa alɔ̃ o.” (Nyagblɔla 5:11) Ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nu siwo le ame si ŋu: “Ame si lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye ame si lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o.” (Nyagblɔla 5:9) Enana amewo daa se dzi: “Ame si tsi klokloklo ɖe hokpɔkpɔ ŋu la, womagbe tohehe nɛ o.”—Lododowo 28:20.

Vi kae ga ɖena?

‘Ga doa vɔvɔli.’ —Nyagblɔla 7:12.

NYA SI AME AÐEWO GBLƆNA

Ga nana be ame nɔa dedie eye wòhea dzidzɔ vɛ nɛ.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Ameflunya si nye be ga nana be ame nɔa dedie eye wòhea dzidzɔ vɛ nɛ la nye “kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” aɖe. (Marko 4:19) Ke hã, “gae wotsɔna kpɔa nuwo katãe.” (Nyagblɔla 10:19) Le kpɔɖeŋu me, ga ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒle agbemenuhiahiã veviwo abe nuɖuɖu kple atike ene.—2 Tesalonikatɔwo 3:12.

Ga hã kpena ɖe ŋuwò nèkpɔa wò ƒomea dzi. Elabena Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe mekpɔa ye ŋutɔ tɔwo ƒe nu hiahiãwo gbɔ, vevietɔ ye ŋutɔ ƒemetɔwo tɔwo gbɔ o la, egbe nu le xɔse la gbɔ.”—1 Timoteo 5:8.

Aleke nàɖɔ ŋu ɖo ne èle ga zãm?

‘Nɔ anyi nàbu eŋu kɔnta gbã.’ —Luka 14:28.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Zã ga le mɔ si adze Mawu ŋu la nu. (Luka 16:9) Nunya anɔ eme be nàzã ga le ŋuɖɔɖo kple anukwareɖiɖi me. (Hebritɔwo 13:18) Na wò “agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me” be nàƒo asa na gazazã wòagbɔ wò ŋutete ŋu. —Hebritɔwo 13:5.

Togbɔ be Biblia meƒo nu tsi tre ɖe nugbanadodo alo gadodo ŋu o hã la, exlɔ̃ nu be “ame si doa nu le ame si la, kluvi wònye na ame si si wòdo nu la le.” (Lododowo 22:7, Eʋegbe Biblia, ƒe 2010 tɔ) Mèganɔ nuwo ƒlem ko o, elabena “ame si tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.” (Lododowo 21:5) Ke “dzra nane ɖo ɖi” le wò ŋutete nu be ga nanɔ asiwò nàtsɔ akpɔ nu siwo le vevie wu gbɔe. —1 Korintotɔwo 16:2.

Biblia de dzi ƒo be míanɔ “nu nam amewo.” (Luka 6:38) Ele be ame siwo di be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu la nanye dɔmenyolawo, elabena “ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.” (2 Korintotɔwo 9:7) Eya ta mègaŋlɔ “nyuiwɔwɔ kple nunana ame bubuwo be o, elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu ŋutɔ.” —Hebritɔwo 13:16.